Bible App logo
Search Icon

Ɖelawo KPƆKPLƆYIÐEME

KPƆKPLƆYIÐEME
Israel Ðelawo ƒe Agbalẽ nye ŋutinya siwo woƒo ƒu le Israel-dukɔ me tso esime woxɔ Kanaan-nyigba teti va se ɖe esime fiaɖuɖu dze egɔme le dukɔa me. Ɣe ma ɣi me la, amewo mewɔa se dzi o. Ŋutinyaawo ku ɖe dukɔmetɔ nuteƒewɔla kalẽtɔ, siwo dometɔ geɖewo nye aʋakplɔlawo la ŋu. Tsã la, woyɔa wo be “ʋɔnudrɔ̃lawo” togbɔ be womedrɔ̃a ʋɔnu o hã. Ðela siawo dome vevitɔ, si ƒe ŋkɔ de du wu lae nye Simson. Woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔ ɖe ta 13 - 16 me.
Nusɔsrɔ̃ vevi, si le agbalẽa me lae nye be, ne Israelviwo wɔ nuteƒe na Mawu la, ekpɔa wo ta, eye wòxɔna na wo le xaxaɣi. Evɔ ne womewɔ nuteƒe nɛ o la, dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi. Ke nusɔsrɔ̃ deto vevitɔ wu gɔ̃e nye be, ne dukɔ la mewɔ nuteƒe na Mawu o, eye dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe edzi la, ne etrɔ dzime gava Mawu gbɔ ko la, exɔna nɛ.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Nyadzɔdzɔwo va ɖo Yosua ƒe kuɣi 1.1—2.10
Israel ɖelawo 2.11—16.31
Nudzɔdzɔ vovovowo 17.1—21.25

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in