Bible App logo
Search Icon

Ɖelawo 5

5
Ha si Debora kple Barak dzi
1Tete gbe ma gbe la, Debora kple Barak, Abinoam vi, dzi ha sia be:
2“Mikafu Aƒetɔ!
Elabe esi dukɔa ƒe aʋakplɔlawo dze ŋgɔ la,
dukɔmeviwo tsɔ wo ɖokui ke faa.
3“Mi fiawo, miɖo to!
Mi amegãwo, mike to nyuie!
Mele ha dzi ge na Aƒetɔ.
Mele ha dzi ge
atsɔ akafu Aƒetɔ, Israel Mawu lae.
4“Aƒetɔ, esi nèho tso Seir-towo dzi,
eye nèzɔ to Edom-nutome la,
anyigba ʋuʋu, tsi kɔ ɖi bababa tso dziŋgɔli me,
eye alilikpowo hã dza tsi.
5 # Mos II, 19.18. Towo ʋuʋu nyànyanya le Aƒetɔ ŋkume;
Sinai-to ma ʋuʋu le Aƒetɔ,
Israel Mawu la ŋkume.
6“Le Samgar, Anat vi kple Yael ŋɔli la,
mɔzɔlawo ƒe hawo nu tso;
mɔzɔlawo va le gbedzemɔ tom.
7Aʋakplɔlawo nu tso le Israel;
wo nu tso keŋkeŋ,
va se ɖe esime nètso, Debora,
tso abe vi nɔ ene le Israel.
8Esi Israelviwo tia mawu yeyewo la,
aʋawɔwɔ do mo ɖe anyigba la dzi,
woakpɔ akpoxɔnu kple akplɔ
le Israelviwo ƒe ame akpe bla eneawo domea?
9Nye dzi ku ɖe Israelviwo kplɔlawo
kple ame siwo lɔ̃ faa, tsɔ wo ɖokui ke,
ɖe dukɔa ta la ŋu.
Mikafu Aƒetɔ!
10“Miƒo nu le eŋu, mi ame siwo do tedzinɔ ɣiwo yina,
mi ame siwo bɔbɔ nɔ afɔɖodzivɔ bɔbɔe xɔasiwo dzi,
mi ame siwo le mɔ ta yina.
11Miɖo to miase ɖa!
Tsikulawo ƒe ha le ɖiɖim le vudowo to,
afi mae wole Aƒetɔ ƒe dziɖuɖu ŋutinya gblɔm, gale gblɔm,
le agbledelawo ƒe dziɖuɖu le Israel ŋu gblɔm le.
“Emegbe Aƒetɔ ƒe dukɔ la
zɔ ɖi abu ɖo ta woƒe agbowo nu.
12“Nyɔ, Debora, nyɔ!
Nyɔ nàdzi ha, nyɔ!
Tso kpla, Barak, Abinoam vi.
Kplɔ wò aboyomeawo dzoe.
13Tete dukɔ la ƒe bubume mamlɛawo ɖi abu va;
Aƒetɔ ƒe amewo ɖi va egbɔ ɖe kalẽawo ŋu.
14Tso Efrayim woho ɖo ta bali la me,
kplɔ wò, Benyamin kple wò ƒometɔwo ɖo.
Gbeɖelawo ɖi abu tso Maxir,
eye tsiamititsɔlawo tso Zebulon.
15Isaxar-megãwo le Debora ŋu va do.
Isaxar wɔ nuteƒe na Barak.
Wole eyome kpledukpledu ɖo ta balia me.
Ruben tokɔmetɔwo ya yi adaŋu me;
womenya ne ɖe woayi loo,
alo ɖe woatsi anyi o.
16Nu ka ta nètsi alẽhawo gbɔ?
Be nànɔ alẽkplɔlawo ƒe alẽwo yɔyɔ sem ta loo?
Ruben tokɔmetɔwo ya yi adaŋu me.
17Gilead ya tsi Yordan ƒe go kemɛ dzi.
Nu ka ta Dan ya le tɔdziʋuwo gbɔ?
Aser-to la me tɔwo bɔbɔ nɔ ƒuta,
eye wotsyɔ akɔ anyi ɖe afi ma.
18Zebulon nye ame siwo
tsɔ woƒe agbe ke ku faa;
Naftali hã nenema,
le gbadzaƒe si le toawo dzi.”
19“Fiawo va wɔ aʋa,
Kanaan-fiawo va wɔ aʋa ɣe ma ɣi
le Tanax le Megido-tɔʋuwo nu;
ke womekpɔ klosalo aɖeke ha dzoe o.
20Ɣletiviwoe nɔ dziƒo wɔ aʋa la,
wonɔ woƒe mɔwo dzi le ya me,
eye wowɔ aʋa kple Sisera.
21Kison-tsisisi lae si kplɔ wo yii,
tsi si le sisím kplakplakpla lae, Kison-tsisisi lae.
Nye luʋɔ, zɔ yi ŋgɔ kple ŋusẽ!
22“Tete sɔwo le du dzi,
woƒe afɔziwo le ɖiɖim sesĩe kplàkplakpla.”
23Aƒetɔ ƒe dɔla be:
“Neɖi Meros ŋu!
Neɖi emenɔlawo ŋu kpékpekpe!
Elabe womeva kpe ɖe Aƒetɔ ŋu o;
kpe ɖe Aƒetɔ ŋu akpe akɔ kple ŋusẽtɔ la o.
24“Woyra Yael,
Kenitɔ Xeber srɔ̃,
le nyɔnuwo dome.
Woyrae le nyɔnu
siwo nɔa agbadɔ me la dome!
25Tsie Sisera bia,
ke notsie wònae;
woku notsi babla kpekẽ,
wòkui ɖe bubumewo ƒe tsinonu me vɛ.
26Yael do asi ɖa tsɔ tsyoti,
elé gbede ƒe zu la ɖe ɖusi.
Eda zua ɖe Sisera dzi,
tsyotia ŋɔ eƒe tonu to eƒe tame do.
27Sisera tsra wɔɔ, edze anyi,
emlɔ anyi ɖe eƒe afɔnu,
eƒe afɔnue wòtsraa wɔɔ ɖo, edze anyi;
afi si wòtsraa wɔɔ ɖo, teƒe mae wòdze anyi ku ɖo.
28“Edo mo ɖe fesre nu;
Sisera nɔ do mo ɖa to adzrala me:
edo ɣli to adzrala me be:
“Ale ke wɔ eƒe tasiaɖamwo meva do kpɔ o?
Ale ke wɔ eƒe tasiaɖamfɔwo ƒe ɖiɖi tsi megbe ale?”
29Eƒe nyɔnu nunyalawo ɖo eŋu,
gbeɖe, eya ŋutɔ ɖo eŋu na eɖokui be:
30‘Ðe womele kekem ɖe aboyonuwo ŋu
le mamam oa?
Nyɔnuvi ɖeka alo eve na ŋutsu ɖe sia ɖe.
Sisera naxɔ awu ŋɔŋɔewo,
kɔmevɔ ŋɔŋɔe eve kple aboyonu
na nye kɔ.’
31“Aƒetɔ, tsrɔ̃ wò futɔwo katã alea!
Ke xɔ̃wòwo,
nenɔ abe ale si ɣe dzena kple eƒe ŋusẽ ene.”
Emegbe anyigba la gbɔ ɖe eme ƒe bla ene sɔŋ.

Currently Selected:

Ɖelawo 5: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in