Ɖelawo 3
3
Dukɔ siwo susɔ ɖe anyigba la dzi
1Ale Aƒetɔ na dukɔ aɖewo susɔ be yeatsɔ wo ado Israelvi siwo katã mekpɔ aʋawɔwɔ teƒe kpɔ le Kanaan-nyigba dzi o la kpɔe. 2Ewɔ esia bene yeatsɔ afia aʋawɔwɔ Israelviwo ƒe dzidzime siwo mekpɔ aʋawɔƒe kpɔ o la, ale be woawo hã nadze aʋawɔwɔ. 3Dukɔawoe nye: Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo ƒe duwo, Kanaanitɔwo katã, Sidontɔ kple Xivitɔ siwo nɔ Lebanon-to dzi tso Baal-Xermon va se ɖe Xamat. 4Wotsi anyi bene Aƒetɔ natsɔ wo ado Israelviwo kpɔ be woawɔ yeƒe se siwo yede na wo tɔgbuiwo to Mose dzi la dzi mahã. 5Israelviwo nɔ Kanaantɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo dome. 6Israelviwo ɖe dukɔ siawo me nyɔnuwo, eye wotsɔ woƒe nyɔnuwo na dukɔ siawo me ŋutsuwo woɖe, eye wosubɔ woƒe mawuwo.
Otniel
7Israelviwo wɔ nuvɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume, elabe woŋlɔ Aƒetɔ, woƒe Mawu la be, eye woɖale Baalwo kple nyɔnumawu Aserawo subɔm. 8Ale Aƒetɔ do dziku ɖe Israelviwo ŋu. Ena Mesopotamia-fia, Kusan-Risataim, ɖu wo dzi eye wonɔ ete hesubɔe ƒè enyi. 9Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye wòdɔ ŋutsu aɖe ɖa wòva ɖe wo. Eŋkɔe nye Otniel, Kaleb yometɔ ŋutsu Kenaz, vi. 10Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ edzi, eye wòkplɔ Israel-dukɔ la. Eho aʋa ɖe Mesopotamia-fia ŋu, eye Aƒetɔ na wòɖu edzi keŋ. 11Ale wɔ tomefafa nɔ anyigba la dzi ƒe bla ene va se ɖe esime Otniel, Kenaz vi la, va ku.
Ehud
12Tete Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi ɖe Aƒetɔ ŋu. Eya ta Aƒetɔ na ŋusẽ gaɖo Moab-fia, Eglon, ŋu ɖe wo ŋu. 13Eglon ƒo ƒu Amontɔwo kple Amalekitɔwo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woho aʋa ɖe Israelviwo ŋu. Woɖu Israelviwo dzi, eye woxɔ Yerixo, devedu la. 14Ale wɔ Israelviwo nɔ Moab-fia, Eglon, te hesubɔe ƒe wui enyi sɔŋ.
15Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ, eye wòna ame do tso wo dome bene wòaɖe wo. Eŋkɔe nye Ehud, si nye Gera vi tso Benyamin-to la me. Enye miawɔla. Israelviwo tsɔ nunanawo de esi be wòatsɔ ayi na Moab-fia, Eglon. 16Ehud tu adekpui nu evee si didi abe sentimeta bla atɔ̃ ene. Esae ɖe ali, eye wòle eƒe ɖusitagba dzi le eƒe awu ʋlaya me. 17Azɔ la, etsɔ nunanaawo yi na Moab-fia, Eglon, ame si nye ame lolo dami aɖe. 18Esi Ehud tsɔ nunanaawo nɛ vɔ la, ekplɔ ame siwo kpe ɖe eŋu yi la ɖaɖo ɖa. 19Ke Ehud ŋutɔ trɔ le dulegba siwo le Gilgal la gbɔ, eye wògbugbɔ yi Eglon gbɔ hegblɔ nɛ be: “Fia, medi be makpɔ wò kple nya aɖe vie.” Ale fia la bia tso eƒe subɔlawo si be woado go gbɔ, eye wo katã wodo go. 20Esime fia Eglon le xɔta me, afi si eya ɖeka nɔna xɔa ya la, Ehud yi egbɔ. Egblɔ nɛ be: “Mawu dɔm be mava gblɔ nya aɖe na wò.” Ale fia la tsi tsitre. 21Enumake Ehud do miasi ɖa, eye wòhe adekpui la le eƒe ɖusikpa dzi heƒo ɖe dɔme nɛ. 22Adekpuia kple asiléƒea katã bu ɖe lã me nɛ, eye ami nyè tsyɔ adekpuia. Etso eme do ɖe emegbe ke, ale be Ehud mete ŋu hee do goe le dɔme nɛ o. 23Emegbe Ehud do go ɖe akpata me. Edo ʋɔa, eye wòde ga eme ɖe enu. 24Esi wòdo go dzo la, fia la ƒe subɔlawo va eye wokpɔ be xɔtaxɔe la ƒe ʋɔawo le dodo, eya ta wobu be: “Anyanɔ afɔdzi le yaxɔƒe la. 25Ke esi wolala ʋuu meʋu ʋɔa o la, wotsɔ safui va ʋu ʋɔ lae. Va kpɔ! Woƒe aƒetɔ nye esi ku ɖe anyigba!
26Esime wohe ɖe megbe la, Ehud sí gbɔ kpe kpakpaawo ŋu, eye wòva do ɖe Seira. 27Esi wògbɔ va la, eku kpẽ le Efrayim-tonyigba la dzi. Tete Israelviwo ɖi tso towo dzi va kpe ta le egbɔ, eye eya ŋutɔ dze wo ŋgɔ. 28Egblɔ na wo be: “Mikplɔm ɖo. Aƒetɔ na míeɖu dzi! Míeɖu míaƒe futɔ, Moabtɔwo dzi!” Enumake wodze eyome, eye wova xe Yordan-tɔsisi la tsoƒemɔ na Moabtɔwo. Womena ame aɖeke tso tɔ la o. 29Wowu Moabtɔ kalẽtɔ kako abe akpe ewo sɔŋ ene; ɖeka hɔ̃ hã mesí o. 30Ale Moabtɔwo ge ɖe Israelviwo si me tso ɣe ma ɣi dzi, eye anyigba la dzi fa ƒe bla enyi sɔŋ.
Samgar ƒe dukpɔkplɔ
31Ðela bubu si gado lae nye Samgar, Anat vi. Eya hã ɖe Israelviwo esime wòwu Filistitɔ alafa ade kple lãkplɔti nu tsuẽ.
Currently Selected:
Ɖelawo 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.