Yesaya 7
7
Gbedeasi na fia Axaz
1 #
Fia II, 16.5; Kron II, 28.5, 6. Esime Yuda-fia Axaz, Uziya vi, ame si nye Yotam ƒe tɔgbuiyɔvi, nɔ dzi ɖum le Yuda la, aʋa dzɔ. Siria-fia Rezin kple Pekax, Remalya vi, ame si nye Israel-fia la, ho aʋa ɖe Yerusalem ŋu, ke womete ŋu xɔe o. 2Esi wova gblɔ na David ƒe ƒome la be Siria-ʋakɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Efrayim la, dzika tso eya kple eƒe dukɔ ƒo, wonɔ ƒoƒom abe avemetiwoe le ʋuʋum le ya nu ene.
3Tete Aƒetɔ gblɔ na Yesaya be: “Kplɔ viwò, Sear-Yasub#7.3 SEAR-YASUB: Ŋkɔ sia gɔme le Hebri-gbe me lae nye: Ame ʋɛ siwo susɔ la atrɔ agbɔ., ne miado yi ɖakpe Axaz. Miado goe le dzigbetá la ƒe tɔʋu ƒe mlɔenu le Avɔlɔ̃la ƒe Agblemɔ to. 4Gblɔ nɛ be: ‘Lé ɖokuiwò, nànɔ anyi kpoo. Mègavɔ̃ o, eye dzi megaɖe le ƒowò le dɔmedzoe si fia Rezin kple eƒe Siriatɔwo kpakple fia Remalya do la ta o. Wole ko abe dzoti takpoe eve siwo le dzudzɔ tum la ene. 5Elabe Siria, Efrayim kple Remalya vi ɖo nugbe ɖe ŋuwò le gbɔgblɔm be: 6Mina míaho ɖe Yuda ŋu, ado ŋɔdzi nɛ, eye míaxɔe na mía ɖokui atsɔ Tabeal vi aɖo fiae ɖe edzi. 7Ke Aƒetɔ Mawu gblɔ be:
Ɖoɖo sia madze edzi o,
eye mava eme o.
8Elabe Siria ƒe fiadue nye Damasko,
eye Rezin nye Damasko-fia.
Le Efrayim ya gome la, woagbãe gudugudu le ƒe bla ade vɔ atɔ̃ me, eye maganye dukɔ azɔ o.
9Efrayim ƒe fiadue nye Samaria,
Remalya vie nye Samaria-fia.
Ne miexɔe se o la,
ekema mianɔ te gbeɖe o.’ ”
Mawulikplimí ƒe dzesi
10Aƒetɔ gaƒo nu na Axaz be: 11“Bia dzesi tso Aƒetɔ, wò Mawu la gbɔ. Ate ŋu atso tsiẽƒe ke loo, alo atso dziƒo ʋĩi ke.” 12Tete Axaz gblɔ be: “Nyemabiae o. Nyemedi be mate Aƒetɔ kpɔ o.” 13Ale Yesaya gblɔ be: “David ƒe ƒome, azɔ misee. Nu tsɛ wònye be, miana amewo nado dzi ʋuu nu nate wo ŋu tae miebu be, yewoana nu nate Mawunye hã ŋua? 14#Mat 1.23. Eya ta Aƒetɔ ŋutɔ ana dzesi mi. Kpɔ ɖa, ɖetugbi aɖe fɔ fu. Adzi ŋutsuvi, eye woana ŋkɔe be ‘Mawulikplimí.’ 15Ðevi sia ƒe nuɖuɖu anye notsi babla kple anyitsi, va se ɖe esime wòatsi anya ale si wòatsri vɔ̃, eye wòatia nyui. 16Hafi ɖevi la nava nya vɔ̃tsitsri kple nyuitiatia la, fia eve siwo le ŋɔdzi dom na wò fifia la ƒe anyigbawo lazu gbegbe. 17Aƒetɔ le Asiria-fia kplɔ ge ava ƒu wò ŋutɔ, wò dukɔa kple tɔ́wò ƒe aƒe bliboa. Ŋkekeawo asesẽ wu ɖe sia ɖe si me dukɔa to kpɔ tso esime Efrayim klã ɖa tso Yuda gbɔ.”
18Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ alɔ̃ aku ayɔ Egipte-ʋakɔwo abe tagbatsuwo ene tso Egipte-tɔsisiwo ƒe dzɔtsoƒe ke vɛ, eye wòayɔ Asiria-ʋakɔwo abe anyiwo ene tso Asiriatɔwo ƒe anyigba dzi vɛ. 19Woava nɔ bali globowo, kpetowo kple ŋuvewo me hekpe ɖe lãnyiƒewo katã ŋu.
20Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ la aɣe talũhɛ si ta wòaxe fe ɖo la le Asiria-fia, si tso Frat-tɔsisi la godo la, si me, eye wòatsɔe alũ ta, aŋɔmefuwo kple ge na wo.
21Ɣe ma ɣi me, ne ame le nyinɔe ɖeka kple alẽ eve nyim la, 22akpɔ notsi babla fũu tso wo gbɔ. Ale ame ʋɛ siwo susɔ ɖe anyigba la dzi la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuɖuɖu anye notsi babla kple anyitsi.
23Ɣe ma ɣi la, waingble siwo dometɔ ɖe sia ɖe me wainka akpe ɖeka le, eye woxɔa klosaloga akpe ɖeka la, lazu aŋɔka kple ŋuwo. 24Amewo atsɔ aŋutrɔ kple da ayi afi ma, elabe aŋɔka kple ŋuwo axɔ anyigba blibo la dzi. 25Woanɔ afi ma yiyi vɔ̃m, elabe togbɛ siwo katã wotsɔa kodzoe ŋlɔna tsã la, aŋɔka kple ŋuwo axɔ wo dzi. Woava zu nyikplɔƒe kple alẽwo ƒe toƒe.
Currently Selected:
Yesaya 7: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.