Skip to content

Yesaya 66

66
Aƒetɔ drɔ̃ ʋɔnu dukɔwo
1 # Mat 5.34; 23.22; Mat 5.35. # Dɔw 7.49, 50. Aƒetɔ be:
“Dziƒo nye nye fiazikpui,
eye anyigba nye nye afɔɖodzinu.
Xɔ ka ƒomevie miate ŋu atu nam,
eye teƒe kae magbɔ ɖe eme le?
2Nye asie metsɔ wɔ nu siawo katã,
eya ta tɔnyee nye wo katã.
Aƒetɔ lae gblɔe.
Ke ame si ŋu malé ŋku ɖo lae nye esi:
ame si bɔbɔa eɖokui le gbɔgbɔ me,
eye wòvɔ̃a nye nyawo la.”
3“Ame si wu nyitsu la sɔ
kple ame si wu ame.
Ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la sɔ
kple ame si tro kɔ le avu nu.
Ame si sa nuɖuɖuvɔ la sɔ
kple ame si tsɔ haʋu sa vɔe.
Ame si tɔa dzo lifi la sɔ
kple ame si kafua trɔ̃.
Ale ame siawo wɔa nu si
woawo ŋutɔ dina la,
eye woƒe luʋɔ kpɔa dzidzɔ
le ŋunyɔnu siwo wowɔna la ŋu.
4Nye hã matia fukpekpe na wo,
eye mana nu si wovɔ̃na la nadzɔ ɖe wo dzi.
Elabe meyɔ ame;
ke ame aɖeke meɖo tom o.
Ke boŋ wowɔ nuvɔ̃ɖi le ŋkunye me,
eye wowɔ nu si ŋu nyemekpɔ dzidzɔ le o.”
5Mi ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ ƒe nya,
miɖo to miasee.
Aƒetɔ be:
“Miawo ŋutɔ mia nɔvi siwo lé fu mi,
eye wogbe mi le tanye la be:
‘Mina woade bubu Aƒetɔ ŋu
ale be míakpɔ dzidzɔ si miekpɔ.’
Evɔ la, woawo boŋ wole ŋukpe do gee.”
6“Miɖo to!
Hoowɔwɔ aɖe le dua me.
Gbe aɖe ɖi tso gbedoxɔ me.
Aƒetɔ ƒe gbee!
Ele to hem na eƒe futɔwo!”
7 # Nyaɖ 12.5. “Edzi vi hafi va lé ku;
edzi viŋutsuvi hafi fu va ɖui.
8Ame kae se nya sia tɔgbe kpɔ?
Ame kae kpɔ nu siawo tɔgbe kpɔ?
Ɖe anyigba aɖe ate ŋu adzɔ gbe ɖekaa?
Ɖe dukɔ aɖe hã ate ŋu adzɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka mea?
Gake Zion ya lé ku, eye wòdzi viawo enumake.
9Aƒetɔ le biabiam be:
Ɖe maʋu vidzidɔ nu, eye womadzi vi oa?
Ɖe nye, ame si nana be wodzia vi la,
ɖe maxe vidzidɔ nua?”
Mia Mawu lae gblɔe.
10“Mi ame siwo katã lɔ̃ Yerusalem ƒe nya!
Mikpɔ dzidzɔ kplii!
Mitso aseye ɖe eŋu!
Mi ame siwo katã fa konyi kplii.
Midzɔ dzi kplii kple aseyetsotso.
11Miwɔ esia ne miano eƒe no,
ne wòafa akɔ na mi;
ale be mianoe kple dzidzɔ wòade na mi
tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ la me.”
12Aƒetɔ be:
“Kpɔ ɖa, mana nu nadze dzi nɛ abe tɔsisi ene,
eye dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava nɛ
abe tɔʋu si gba go ene,
eye miano no,
woalé mi ɖe axada me,
eye mianɔ eƒe ata ta.
13Ale si vi nɔ faa akɔ na viae la,
nenema mafa akɔ na mii.
Woana miaƒe dzi nadze eme
le Yerusalem.
14Miakpɔe,
eye dzi adzɔ mi.
Miaƒe ƒuwo amlo abe gbe dama ene.
Ekema woadze sii be Aƒetɔ léa be na ame siwo subɔnɛ,
eye wòdoa dziku ɖe eƒe futɔwo ŋu.”
15“Elabe Aƒetɔ ava le dzo me,
eye eƒe tasiaɖamwo le abe ahomya ene.
Aɖe eƒe dziku afia kple adã,
eye wòanyra le dzo ƒe aɖe me.
16Aƒetɔ atsɔ dzo adrɔ̃ ʋɔnu
eye wòaɖe eƒe yi ɖe ŋutilãwo katã dzi.
Ame siwo Aƒetɔ awu la
asɔ gbɔ ŋutɔ.”
17“Ame siwo kɔa wo ɖokui ŋu, eye wowɔa wo ɖokui dzadzɛ, be yewoage ɖe abɔwo me, hekplɔ nu si le abɔa titina la ɖo, be yewoaɖu halã kple ŋunyɔnu la kpakple afiwo la, wo katã woatsrɔ̃.” Aƒetɔ lae gblɔe.
18“Elabe menya woƒe dɔwɔnawo kple woƒe susuwo. Megbɔna mava ƒo dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo katã nu ƒu, eye woava kpɔ nye ŋutikɔkɔe la. 19Mawɔ dzesi ɖe wo dome. Maɖo agbetsilawo tso wo dome ɖe dukɔwo, ɖe Tarsis, Put#66.19: PUT: Gɔmeɖeɖe aɖewo be Pul. kple Lud, siwo daa aŋutrɔ; ɖe Tubal, Yavan kple ƒukpo siwo le keke didiƒe ʋĩi ke hã dzi. Ame siwo mese ŋkɔnye kpɔ, eye womekpɔ nye ŋutikɔkɔe hã kpɔ o. Woaɖe gbeƒã nye gãnyenye le dukɔwo dome. 20Woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome vɛ abe nunana ene na Aƒetɔ. Woanɔ sɔwo dzi, tasiaɖamwo kple apakawo me, eye bubuwo anɔ tedzisɔwo kple kposɔwo dzi ava Yerusalem, nye to kɔkɔe la dzi. Anɔ abe ale si Israelviwo dea nuɖuɖuvɔsa nu dzadzɛwo me tsɔna vaa Aƒetɔ ƒeme ene. Aƒetɔ lae gblɔe. 21Mawɔ wo dometɔ aɖewo nunɔlawoe, eye ɖewo anye Levi viwo.” Aƒetɔ lae gblɔe.
22 # Yes 65.17; Pet II, 3.13; Nyaɖ 21.1. Aƒetɔ be:
“Ale si dziƒo yeyeawo kple anyigba yeye
si wɔ ge mala la anɔ ŋkunye mee la,
nenemae miaƒe dzidzimeviwo
kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyii.
23Ava eme be
tso dzinu yeye yi dzinu yeye,
eye tso dzudzɔgbe yi dzudzɔgbe la,
amegbetɔwo katã ava ŋkunye me, asubɔm.”
Aƒetɔ lae gblɔe!
24 # Yudit 16.17; Mar 9.48. “Ne wodzo yina la, woakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabe woƒe nyéwo maku o, eye dzo si le womem la hã matsi gbeɖe o. Wo kpɔkpɔ anye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”