Bible App logo
Search Icon

Yesaya 65

65
Mawu he to na aglãdzelawo
1 # Rom 10.20. Menɔ ŋudzɔ be ame siwo mebiaa
tanye sena o la, nadim.
Menɔ klalo be ame siwo menɔ diyem o la,
nakpɔm.
Megblɔ na dukɔ si mesubɔam o la be:
“Nyee nye esi! Nyee nye esi!”
2 # Rom 10.21. Meke nye abɔwo me ŋkeke blibo la katã
ɖo ɖe dukɔ dzeaglã
si le nu manyomanyo wɔm,
eye wòle eya ŋutɔ ƒe ɖoɖo ŋudɔ wɔm la.
3Ame siawo le dziku dom nam
le ŋkunye me edziedzi,
elabe wosaa vɔ le abɔwo me,
eye wotɔa dzo lifi le anyikpewo dzi.
4Wonɔa anyi ɖe yɔdowo me,
eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna le zã.
Woɖua halã,
eye detsi nyɔŋu le woƒe detsizewo me.
5Ame siawo gblɔna be:
“Nɔ ɖokuiwò si le adzɔge;
mègate ɖe ŋunye o,
elabe mele kɔkɔe wu wò!”
Wonye dzudzɔ le nye ŋɔti me
kple dzo si le bibim ŋkeke blibo la.
6Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi le ŋkunye me:
“Nyemazi kpi o, ke maɖo eteƒe.
Maɖo eteƒe na wo
ẽ, maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe akɔ me.
7Maɖo woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo
kple wo tɔgbuiwo tɔ siaa teƒe na wo,
Aƒetɔ lae gblɔe;
elabe wotɔ dzo lifi le towo dzi,
eye woɖe alɔ me
le ŋunye le togbɛwo dzi.
Madzidze nu ɖe akɔ me na wo,
atsɔ xe nu siwo wowɔ va yi la ƒe fe na wo.”
8Aƒetɔ be:
“Ale si ne amewo kpɔ wain
le wain tsetse ƒe kpo me wogblɔna be:
‘Migagblẽe o,
elabe yayra le eme la,’
nenemae mawɔ le nye dɔlawo ta.
Nyematsrɔ̃ wo katã o.
9Mana dzidzimeviwo nado tso Yakob me,
eye ame siwo anyi nye towo ƒe dome la
nado tso Yuda.
Nye ame tiatiawo anyi eƒe dome,
eye nye dɔlawo anɔ afi ma.
10 # Yos 7.24-26. Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe,
eye Axor-bali azu afi si
lãhawo atsyɔ akɔ ɖo
na nye dukɔ si dim la.
11Ke mi ame siwo gblẽ Aƒetɔ ɖi,
mi ame siwo ŋlɔ nye to kɔkɔe la be,
mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na aklama,
mi ame siwo ku wain nyuitɔ tre
banaa na dzɔgbe la,
12mana miatsi yi nu.
Mi katã miabɔbɔ ɖi woawu keŋ.
Elabe meyɔ mi, mietɔ o;
meƒo nu, mieɖo to o.
Ke boŋ miewɔ nu si nye vɔ̃
le ŋkunye me,
eye nu si medzea ŋunye o lae
mietia wɔ.”
13Eya ta Aƒetɔ Mawu gblɔ be:
“Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu,
ke miawo ya dɔ awu mi.
Kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu,
ke miawo ya tsikɔ awu mi.
Kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ,
ke miawo ya woado ŋukpe mi.
14Kpɔ ɖa, nye dɔlawo adzi ha akpɔ dzidzɔ,
ke miaƒe dzi ase veve, miado ɣli,
eye miaƒe gbɔgbɔ axa nu, miafa avi.
15Miagblẽ mia ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo
woatsɔ nɔ ɖiŋu dom na ame,
eye Aƒetɔ Mawu awu mi.
Ke atsɔ ŋkɔ bubu na eƒe dɔlawo ya.
16Ale be ame sia ame si ayra eɖokui
le anyigba la dzi la,
atsɔ Mawu Nyateƒetɔ la ayra eɖokui,
eye ame sia ame si atà nu
le anyigba dzi la,
atà Mawu Nyateƒetɔ la.
Elabe woŋlɔ fu siwo wokpe gbe aɖe gbe la be,
eye nye ŋku dzo le wo dzi.”
Aƒetɔ awɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye
17 # Yes 66.22; Pet II, 3.13; Nyaɖ 21.1. Elabe kpɔ ɖa, mewɔ dziƒo yeyewo
kple anyigba yeye.
Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi
alo woava susu me o.
18Ke mikpɔ dzidzɔ, mitso aseye tegbee
le nu si mewɔ la ŋuti.
Elabe kpɔ ɖa, mewɔ Yerusalem wònye aseyetsotso,
eye emenɔlawo nye dzidzɔ.
19 # Nyaɖ 21.4. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu,
eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu.
Avifafa kple konyifaɣli magaɖi
woase le eme azɔ o.
20Ðevi aɖeke magaxɔ ŋkeke ʋɛ aɖe ko
aku le eme o;
ame tsitsi aɖeke maku
ne eƒe ŋkeke mede o.
Elabe ɖevi axɔ ƒe alafa ɖeka hafi aku,
eye nuvɔ̃wɔla si xɔ ƒe alafa ɖeka ku la, fiƒodee.
21Woatso aƒewo anɔ wo me,
eye woade waingble aɖu eme kutsetse.
22Ame matso aƒe,
ne ame bubu nava nɔ eme o.
Ame mado nu, ne ame bubu nava ɖu o.
Elabe ale si ati tsinae la,
nenema nye dukɔ atsii,
eye nye ame tiatiawo aɖu nu
si wotsɔ woƒe asi wɔ dɔ kpɔ la metsonu,
eteƒe nadidi.
23Womawɔ dɔ vlo o,
eye womadzi vi wòaku dzɔgbevɔ̃eku o,
elabe woanye Aƒetɔ ƒe ame yayrawo
ƒe dzidzimeviwo,
eye wo viwo anɔ wo ŋu.
24Matɔ, hafi woayɔm.
Womaɖe nu le nya me,
hafi mase nyaawo o.
25 # Yes 11.6-9. Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe
le wo nɔewo xa.
Dzata aɖu gbe abe nyitsu ene,
eye ʋuʋudedi anye da ƒe nuɖuɖu.
Naneke mawɔ nu vevi alo atsrɔ̃ naneke
le nye to kɔkɔe blibo la dzi o.
Aƒetɔ lae gblɔe.”

Currently Selected:

Yesaya 65: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in