Bible App logo
Search Icon

Yesaya 63

63
Aƒetɔ ɖu dukɔwo dzi
1 # Yes 34.5-17; Yer 49.7-22; Xez 25.12-14; 35.1-15; Amos 1.11, 12; Oba 1.1-14; Mal 1.2-5. Ame kae nye esi le awu dzĩ me gbɔna
tso Bozra-du me le Edom?
Ame kae wònye
le atsyɔ̃wu me le zɔzɔm ŋusẽtɔe?
“Nyee! Nyee le gbeƒã ɖem be amewo tɔ dzɔ.
Maxɔ wo ɖe agbe kple ŋusẽ!”
2Nu ka ta wò awuwo biã ale,
eye wò nudodowo
le abe wainfiãlawo tɔ ene?
3 # Nyaɖ 14.20; 19.15; Nyaɖ 19.13. “Nye ɖekae fanya wain kple afɔ,
dukɔ aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Mezɔ wo dzi kple dziku,
eye mefanya wo le dɔmedzoe me.
Woƒe ʋu si me woƒe agbe le
hlẽ ɖe nye nudodowo ŋu,
eye nye awuwo katã ƒo ʋu.
4Elabe meɖo hlɔ̃biagbe ɖe dzime,
eye ƒe si me maɖe ame la ɖo.
5 # Yes 59.16. Metsa ŋku;
ke nyemekpɔ xɔnametɔ aɖeke o.
Nye nu wɔ nublanui na ɖokuinye;
ke ame aɖeke meli axɔ nam o.
Ale nye ŋutɔ nye alɔ he dziɖuɖu vɛ nam,
eye nye dɔmedzoe kpe ɖe ŋunye.
6Mefanya dukɔwo le nye dziku me,
mena womu aha le nye dɔmedzoe me,
eye mekɔ woƒe ʋu ɖe anyigba.”
Aƒetɔ wɔ nyui na Israel
7Maxlẽ Aƒetɔ ƒe amenuveve afia.
Makafu Aƒetɔ
le nu siwo katã wòna mí la ta.
Ewɔ dɔmenyo geɖe ŋutɔ na mí,
eye wòve Israel-dukɔ la nu,
le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve geɖe la nu.
8Elabe egblɔ be:
Nyateƒee, nye amewo wonye.
Vi siwo maka aʋatso nam o la wonye,
eye wòzu woƒe xɔnametɔ.
9Ekpe fu kpli wo
le woƒe fukpekpewo me.
Mawudɔla si fia be
yele wo gbɔ la,
ɖe wo.
Eɖe wo to eƒe lɔlɔ̃
kple nublanuikpɔkpɔ me.
Ekɔ wo ɖe dzi,
eye wòtsɔ wo
le blemaŋkekewo katã me.
10Ke wodze aglã ɖe eŋu,
eye wodo dziku na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.
Eya ta etrɔ zu woƒe futɔ,
eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.
11Tete woɖo ŋku blemaŋkekewo dzi,
ɖo ŋku Mose, eƒe dɔla dzi:
Afi ka ame si kplɔ wo
kple eƒe alẽhakplɔlawo tso
atsiaƒu la le?
Afi ka ame si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la
nɔ wo dome la le?
12 # Mos II, 14.21. Ame kae na eƒe ŋutikɔkɔebɔ la
do ŋusẽ Mose ƒe nuɖusi,
wòma tsiwo me le wo ŋgɔ
be wòade ŋkɔ mavɔ eɖokui ŋu?
13Ame kae kplɔ wo to gogloƒeawoe?
Abe sɔ le kegbegbe ene la,
womekli nu o.
14Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ na wogbɔ ɖe eme
abe nyihawo le bali me ene.
Alea ye nèkplɔ wò dukɔ la,
be nàtsɔ de bubu wò ŋkɔ ŋu.
Gbedodoɖa hena nublanuikpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu
15Do mo ɖa tso dziƒo,
tso wò bubuteƒe kɔkɔe si nèle,
ne nàkpɔ ɖa!
Afi ka wò ŋuʋaʋã
kple wò ŋusẽ triakɔ la le?
Wò dzitsitsi kple wò dɔmetɔtrɔ
de megbe le ŋunye.
16Evɔ wòe nye mía Tɔ́.
Togbɔ be Abraham menya mí o,
eye Israel medze si mí o hã la,
wò Aƒetɔ, wòe nye mía Tɔ́,
eye ŋkɔwòe nye mía Ðela
tso gbe aɖe gbe ke.
17Aƒetɔ, nu ka ta nèna míetra
tso wò mɔwo dzi?
Nu ka ta nèna míesẽ dzime,
eye míegavɔ̃a wò o?
Xa ɖe wò subɔlawo ta,
xa ɖe ame siwo nètia
be woanyi wò dome la ta,
nàgatrɔ va.
18Wò dukɔ kɔkɔe la xɔ wò kɔkɔeƒe la
ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko;
ke azɔ la, míaƒe futɔwo va nya avuzi
le wò teƒe kɔkɔe la.
19Míeva zu abe ame siwo dzi
mèɖu fia ɖo kpɔ o
kple ame siwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo
kpɔ kura o la ene.

Currently Selected:

Yesaya 63: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in