Bible App logo
Search Icon

Yesaya 60

60
Ŋutikɔkɔe si gbɔna Yerusalem
1Tso, nàklẽ!
Elabe wò kekeli do!
Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe dziwò.
2Kpɔ ɖa, viviti ado ɖe anyigba dzi,
eye blukɔ atsyɔ dukɔwo.
Ke wò la, Aƒetɔ klẽ ɖe dziwò,
eye woakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe le ŋuwò.
3Dukɔwo ava wò kekeli gbɔ,
eye fiawo azɔ wò keklẽ si de dzi la me ava.
4 # Bar 5.5, 6. Fɔ mo dzi!
Tsa ŋku godoo nàkpɔ ɖa!
Wo katã woƒo ƒu gbɔna ɖe gbɔwò.
Viwò ŋutsuwo atso didiƒe ava
eye woalé viwò nyɔnuwo
ɖe abɔ dome vɛ.
5Ekema àkpɔ esia dzi adzɔ wò.
Wò dzi ati kpo, avu gblotoo
elabe woatsɔ atsiaƒu me nu gbogbowo na wò
dukɔwo ƒe kesinɔnuwo ava gbɔwò.
6Kposɔwo ƒe hatsotso gãwo
ado ɖe dziwò bibibi.
Kposɔviwo ƒe hawo atso Midian kple Efa.
Esiwo katã atso Seba hã ava.
Woatsɔ sika kple kotoklobo
avɛ na wò,
eye woaɖe gbeƒã
akafu Aƒetɔ.
7Woakplɔ lãha siwo katã
le Kedar la vɛ na wò,
agbowo tso Nebayot asubɔ wò.
Woatsɔ wo asa vɔe le nye vɔsamlekpui dzi,
wòadze ŋunye,
eye made bubu nye ŋutikɔkɔeƒe la ŋu.
8Ame kawo nye esiawo le dzodzom
abe alilikpo ene?
Wole abe ahɔnɛ siwo ɖo ta
wo nɔƒewo la ene.
9Elabe ƒukpowo akpɔ mɔ nam.
Tɔdziʋu siwo tso Tarsis ado ŋgɔ,
be woakplɔ viwò ŋutsuwo tso didiƒe vɛ.
Woatsɔ woƒe klosalo kple sika akpe ɖe wo ŋu
be woatsɔ de bubu Aƒetɔ, wò Mawu,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
ame si de bubu ŋuwò la, ƒe ŋkɔ ŋu.
10Amedzroviwo aɖo wò gliwo,
eye woƒe fiawo asubɔ wò.
Elabe esi medo dɔmedzoe la,
meƒo wò.
Ke le nye amenuveve me la,
mekpɔ nublanui na wò.
11 # Nyaɖ 21.25, 26. Wò agbowo anɔ ʋuʋu ɖi ɖaa;
womado wo zã alo keli o,
ale be amewo atsɔ dukɔwo ƒe kesinɔnuwo
vɛ na wò,
eye woƒe fiawo akplɔ wo.
12Elabe dukɔ kple fiaɖuƒe siwo
masubɔ wò o la atsrɔ̃,
eye wo nu ayi keŋkeŋ.
13Sesewu, fɔfɔlĩ kple kpomi
siwo nye Lebanon ƒe atsyɔ̃ la
ava gbɔwò,
be nàtsɔ ɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe la
ale be made bubu teƒe
si menɔna la ŋu.
14 # Nyaɖ 3.9. Ame siwo te wò ɖe anyi la
ƒe viwo ava bɔbɔ asubɔ wò,
eye ame siwo katã ɖe alɔ me
le ŋuwò la ava de ta agu
ɖe wò afɔnu ahayɔ wò be:
Aƒetɔ ƒe du,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe Zion!
15Togbɔ be wogblẽ wò ɖi,
gbe wò nya,
eye womegatoa mewò yina o hã la,
mana bubu nanɔ ŋuwò tegbee.
Ànye dzidzɔ tso dzidzime yi dzidzime.
16Àno dukɔwo ƒe notsi
àno fiawo ƒe no,
eye nàdze sii
be nyee nye Aƒetɔ, wò Xɔnametɔ,
wò Ɖela, Yakob ƒe Ŋusẽtɔ la.
17Mahe nuwo vɛ na wò:
ɖe akɔbli teƒe, matsɔ sika vɛ;
ɖe ga yibɔ teƒe, matsɔ klosalo vɛ;
ɖe ati teƒe, akɔbli;
ɖe kpewo teƒe, ga yibɔ.
Matsɔ Ŋutifafa aɖo dzikpɔlawo na wò,
eye wò dɔnunɔlawo anye nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
18Womagase ŋutasesẽ ŋkɔ
le wò anyigba dzi azɔ o,
eye womagagblẽ alo atsrɔ̃ naneke
le dukɔa ƒe liƒowo dzi o.
Àyɔ wò gliwo be: Xɔname,
eye àyɔ wò agbowo be: Kafukafu.
19 # Nyaɖ 21.23; 22.5. Ɣe maganye kekeli na wò azɔ
le ŋkeke me o,
ɣleti magaɖi
be xexeme nakɔ na wò le zã me o.
Ke boŋ Aƒetɔ anye wò kekeli tegbee,
eye wò Mawu anye wò ŋutikɔkɔe.
20Wò ɣe magaɖo to azɔ o,
eye wò ɣleti magaɖo xɔ o;
elabe Aƒetɔ anye wò kekeli tegbee,
eye wò nuxaɣi nu va yi.
21Wò dukɔmetɔwo katã anye nu dzɔdzɔe wɔlawo sɔŋ;
anyigba la anye wo tɔ tegbee.
Ɖe medo wo, wɔ wo
be woade bubu ŋunye.
22Ameha sue azu ƒome gã,
eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ.
Nyee nye Aƒetɔ.
Mana wòava eme kaba,
ne ɣeyiɣia de.

Currently Selected:

Yesaya 60: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in