Yesaya 57
57
1Ame dzɔdzɔe kuna,
eye mevea ame aɖeke o.
Woɖea mawumemewo ɖa,
esime ame aɖeke mesea egɔme o.
Elabe woɖea ame dzɔdzɔewo ɖa
le dzɔgbevɔ̃e nu,
2eye woyina ɖe ŋutifafa me.
Ame siwo wɔa nu dzɔdzɔe la,
gbɔna ɖe eme le woƒe abawo dzi.
3Ke mi nyɔnu dzosala ƒe viwo,
mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!
4Ame ka kom miele?
Ame ka ŋu mieke nu ɖo baa,
eye miedo aɖe ɖe go biɖaa ɖo?
Ɖe menye vodalawo ƒe viwo
kple alakpa ƒe dzidzimeviwo mienye oa?
5Ɖe menye miawo ƒe lã mee fiẽna
ɖe legbawo ŋu
le ati dama ɖe sia ɖe te,
eye miewua mia viwo
ɖe baliwo me le agakpetowo me oa?
6Ètia balimekpe zɔzrɔ̃ewo na ɖokuiwò,
woawoe nye tɔwò gome.
ȃo tsi ɖe anyi na wo,
eye nèɖe dza na wo.
Ɖe mazi kpi akpɔ nu siawoa?
7Èɖo aba ɖe to kɔkɔtɔ
kekeake tame,
eye miede afi ma ɖasa vɔ.
8Ètsɔ wò ŋkuɖodzinu ɖo
wò ʋɔtruwo kple ʋɔtrutiwo godo
elabe ètrɔ ʋu le yonyeme.
Èklo nu le wò aba ŋu,
ède edzi,
eye nèkekee ɖe nu,
eye mia kpli wo mieƒo asì.
Wo mlɔƒe dze ŋuwò
eye nèkpɔ woƒe ama me.
9Ètsɔ ami yi mawu Molex gbɔe,
eye nèɖo ami ʋeʋẽe asii fũu.
Èɖo wò amedɔdɔwo ɖe didiƒe ke;
ɖewo ya yi keke tsiẽƒe ke.
10Ètsa, tsa ʋuu ɖeɖi te ŋuwò
gake mègblɔ be: “Dɔ vloe” o.
Ŋusẽ yeye gaɖo mewò,
eya ta nu mete ŋuwò o.
11Ame kae le ŋɔ dzim na wò,
eye ame ka vɔ̃m nèle ta nèzu aʋatsokala
ale be mèɖo ŋku dzinye
alo bu ŋunye o?
Menye esi mezi ɖokuinye dzi kpoo heli, eteƒe didi,
tae nègbem vɔvɔ̃ oa?
12Maɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ
kple wò dɔwɔwɔwo afia;
ke womakpe ɖe ŋuwò o.
13Ne èdo ɣli la,
na wò legba gbogbo
siwo nèƒo ƒui la naxɔ na wò.
Ya alɔ wo ɖe nu,
eye ƒuƒu akplɔ wo dzoe.
Ke ame si sim tso la,
anyigba la azu etɔ,
eye wòanyi nye to kɔkɔe la dome.
Mawu do ŋugbe be yeakpe ɖe yeƒe dukɔ ŋu ada gbe le eŋu
14Woagblɔ be:
“Mita mɔ, mido mɔ!
Mikplɔ mɔwo dzi.
Miɖe mɔxenuwo katã ɖa
le mɔ me na nye dukɔ.”
15Elabe eya ame si le dzi ʋĩi,
eye wòli tegbee,
eye eŋkɔe nye Kɔkɔetɔ la, gblɔ be:
“Mele dzi kple kɔkɔeƒe la.
Meli kple ame si trɔ dzime,
eye wòbɔbɔ eɖokui le gbɔgbɔ me la.
Magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui la
ƒe gbɔgbɔ,
eye magbɔ agbe ame si trɔ dzime la
ƒe dzi.
16Elabe nyemanɔ dzre hem ɖaa o,
eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɣe sia ɣi o.
Elabe gbɔnyee gbɔgbɔ tsona,
eye nyee wɔ agbegbɔgbɔ.
17Le eƒe ŋubiabiã ƒe vɔɖivɔ̃ɖi tae
medo dɔmedzoe ɖo.
Meƒoe, ɣla nye ŋkume,
eye medo dɔmedzoe.
Gake eyi edzi trɔ megbe dem,
eye wòlé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ.
18Mekpɔ eƒe mɔwo
gake mayɔ dɔe.
Makplɔe,
eye mafa akɔ na eya
kple eƒe konyifalawo.
19 #
Efes 2.17. Mana nuyiwo nadzi kafukafuha.
Aƒetɔ be:
Ŋutifafa, ŋutifafa mana didiƒe
kple kpuiƒe nɔlawo siaa;
eye mayɔ dɔ wo.
20Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe ƒu dzeagbo ene;
elabe ƒu dzeagbo mate ŋu anɔ anyi kpoo o,
eye eƒe tsiwo ɖea gbeɖuɖɔ kple ba
ɖe go.
21 #
Yes 48.22. Nye Mawu be:
Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.”
Currently Selected:
Yesaya 57: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.