Bible App logo
Search Icon

Yesaya 56

56
Dukɔwo katã anye Mawu ƒe dukɔ
1Aƒetɔ be:
“Milé ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me ɖe asi
eye miwɔ nu si le eteƒe,
elabe eteƒe madidi o
maxɔ mi ɖe agbe,
eye nye ɖeɖe ado.
2Woyra amegbetɔ si wɔa alea
kple ame si lé ɖoɖo sia me ɖe asi goŋgoŋ,
ame si wɔa dzudzɔgbe ƒe ɖoɖowo dzi,
ame si megblẽa kɔ ɖo nɛ o,
eye mewɔa nuvɔ̃ɖi aɖeke o.”
3Migana amedzrovi si ku ɖe Aƒetɔ ŋu la,
nagblɔ be:
“Aƒetɔ le ɖe nye ge ɖa
tso eƒe dukɔ ŋu” o,
eye migana ame tata hã nagblɔ be:
“Kpɔ ɖa, ati ƒuƒu ko menye o.”
4 # Nya 3.14, 15. Elabe Aƒetɔ be:
“Mi ame tata siwo wɔa nye dzudzɔgbe
ƒe ɖoɖowo dzi,
ame siwo tiaa nu si dzea ŋunye,
eye mieléa nye nubabla me
ɖe asi sesĩe la,
5mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ
siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la mi
ɖe aƒenye me
kple gliwo me.
Matsɔ ŋkɔ mavɔ
si womagaŋlɔ be akpɔ o la na mi,
ame siawo tɔgbe.
6Amedzrovi siwo ku ɖe Aƒetɔ ŋu
be yewoasubɔe, alɔ̃ Aƒetɔ ŋkɔ,
anye eƒe dɔlawo,
ame sia ame si wɔna ɖe dzudzɔgbe ƒe ɖoɖowo dzi,
eye megblẽa kɔ ɖo nɛ o,
eye wòléa nye nubabla me ɖe asi la,
7 # Mat 21.13; Mar 11.17; Luk 19.46. mana ame siawo nade nye to kɔkɔe la dzi,
eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.
Woƒe numemevɔsa kple akpedadavɔsawo
adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi
elabe woayɔ nye aƒe be
dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe.
8Aƒetɔ Mawu, ame si ƒo Israel
ƒe ame kahlẽawo nu ƒu la be:
Magaƒo ame bubuwo nu ƒu nɛ
akpe ɖe ame siwo meƒo ƒu xoxo la ŋu.”
Mawu bu fɔ Israel-dukɔ la kplɔlawo
9Mi gbemelãwo katã kple avemelãwo katã,
miva ɖu nu.
10Eƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo;
wo katã womenya naneke o.
Avu aɖetututɔ siwo mate ŋu awó o la,
wo katã wonye.
Womlɔ anyi le drɔ̃e kum,
eye alɔ̃ le wo nu vivim.
11Avu ɖunutsu wonye,
womeɖia ƒo gbeɖe o.
Alẽkplɔlaawo hã mesea nu gɔme o.
Wo katã wolé woƒe mɔ tsɔ,
eye wo dometɔ ɖe sia ɖe
le viɖe ko dim.
12Wogblɔ be:
“Miva, mina míadi wain.
Mina míano aha sesẽ wòasu mí.
Etsɔ hã anɔ abe egbe ene;
anyo wui sãa.”

Currently Selected:

Yesaya 56: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in