Bible App logo
Search Icon

Yesaya 55

55
Mawu akpɔ nublanui na amewo
1 # Nyaɖ 21.6; 22.17. “Kuwui….!
Mi ame siwo katã wum tsikɔ le la,
miva tsi gbɔ!
Ame si si ga mele o,
neva ƒle nu ɖu!
Miva dze wain kple notsi;
femaxee,
asi mele eŋu o.
2 # Sir 24.19-22. Nu ka tae miele miaƒe ga gblẽm
ɖe nu si menye nuɖuɖu o la ŋu,
eye miele miaƒe ŋusẽ gblẽm
ɖe nu si meɖia ƒo o la ta?
Milé to ɖe ŋunye nyuie
ne miaɖu nu si nyo;
ale miaƒe lã me anyo
miakpɔ dzidzɔ.
3 # Dɔw 13.34. Miƒu to anyi, miva gbɔnye.
Mise nye nya, ne miaƒe luʋɔ nanɔ agbe.
Mabla nu mavɔ kpli mi,
mana amenuveve kple lɔlɔ̃ matrɔ
si ƒomevi mena David la mi.
4Kpɔ ɖa, mena wònye ɖasefo na dukɔwo,
eye meɖoe wo kplɔla kple aʋakplɔla.
5Kpɔ ɖa, àyɔ dukɔ siwo mènya o la vɛ,
eye dukɔ siwo menya wò o la,
anɔ du dzi ava gbɔwò.
Ava eme alea le Aƒetɔ, wò Mawu,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ta
elabe ede bubu ŋuwò.”
6“Midi Aƒetɔ,
esime miate ŋu ake ɖe eŋu.
Miyɔe,
esime wòtsɔ ɖe mia gbɔ.
7Ame vɔ̃ɖi neɖe asi
le eƒe nuwɔna ŋu,
eye nu madzɔmadzɔ wɔla neɖe asi
le eƒe susuwo ŋu.
Netrɔ ɖe Aƒetɔ ŋu
ale be wòakpɔ nublanui nɛ.
Netrɔ ɖe mía Mawu ŋu
elabe atsɔ nu ake geɖe.
8Elabe Aƒetɔ be:
Nye susuwo menye miaƒe susuwo o,
eye miaƒe mɔwo menye nye mɔwo o.
9Ale si dziƒo kɔ boo tso anyigba gbɔe la,
nenema nye mɔwo kɔ wu miaƒe mɔwo,
eye nye susuwo kɔ wu miaƒe susuwoe.”
10 # Kor II, 9.10. “Elabe ale si tsi kple tsikpe dzana
tso dziƒo,
eye womegagbugbɔna yina o
va se ɖe esime wodea tsi anyigba,
henana be nukuwo miena, heʋãna,
eye wonaa nuku nuƒãla kple abolo nuɖula
wòɖuna la,
11nenemae nya si do
tso nye nu me la anɔ:
Magbugbɔ ava gbɔnye ƒuƒlu o.
Nu si meɖo
be newɔ la,
negbe ɖe wòwɔe, kpɔ dzidzedze,
eye dɔ si gbe meɖoe ɖo la
dze edzi nɛ hafi.”
12“Elabe miaʋu adzo kple dzidzɔ,
eye woakplɔ mi aɖo ɖa le ŋutifafa me.
Towo kple togbɛwo ade asi hadzidzi me
le mia ŋgɔ,
eye gbemetiwo katã asi akpe kplokplokplo.
13Sesewuwo amie ɖe ŋuwo teƒe,
eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe.
Esia anye ŋkuɖodzinu kple dzesi mavɔ
na Aƒetɔ si womaɖe ɖa o.”

Currently Selected:

Yesaya 55: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in