Bible App logo
Search Icon

Yesaya 5

5
Ha tso Waingble ŋu
1 # Mat 21.33; Mar 12.1; Luk 20.9. Na madzi ha aɖe na nye lɔlɔ̃tɔ.
Ha la ku ɖe eƒe waingble ŋu:
Waingble aɖe nɔ nye lɔlɔ̃tɔ si
le togbɛ wɔnu aɖe tame.
2Edzobo eme,
ɖe kpewo le eme,
eye wòdo wainka nyuitɔwo ɖe eme.
Etu xɔ tsrala ɖe etitina.
Ekpa wainfiãnu da ɖe eme
hele mɔ kpɔm
be atse ku nyuiwo,
ke etse ku gbegblẽwo.
3Azɔ la, Yerusalemnɔlawo kple Yudatɔwo,
taflatsɛ, midrɔ̃ ʋɔnu le nye
kple nye waingble la dome.
4Nu kae woagawɔ na nye waingble la,
eye nyemewɔe nɛ o?
Ke nu ka ta mele mɔ kpɔm
be atse ku nyuitɔwo,
eye wòtse gbegblẽtɔwo?
5Azɔ magblɔ nu si wɔ ge mala
nye waingble la na mi:
Makaka kpɔ le eŋu,
ne lãwo naɖui.
Magbã gli le eŋu,
ne woazɔ edzi.
6Mana wòazu anyigba mawɔnu.
Womaɖe eŋu alo aga eme o,
ke aŋɔkawo kple ŋuwo amie ɖe eme.
Made se na alilikpowo gɔ̃
be tsi megadza ɖe edzi azɔ o.
7Evɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
ƒe waingble lae nye Israel-dukɔ la.
Yudatɔwoe nye eƒe dzidzɔdonukua.
Ekpɔ mɔ na ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,
ke kpɔ ɖa, ʋukɔkɔɖie li.
Ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ
ke kpɔ ɖa, konyifaɣlie li.
Nu vɔ̃ɖi si dukɔ la wɔ
8Baba na ame siwo le xɔ tum kpe xɔ,
hele agble kekem ɖe agble nu
va se ɖe esime teƒe aɖeke maganɔ anyi o,
bene woawo ɖeɖe ko
nanɔ anyigba la dzi.
9Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ka atam mese be:
“Nyateƒee, xɔ gbogboawo atrɔ zu gbegbe,
eye xɔ gã nyuiawo azu xɔdowo.
10Woakpɔ wain bat ɖeka
tso waingble ka ewo me.
Ne woƒã bliku xomer ɖeka la,
bli efa ɖeka ko woakpɔ tso eme.” #5.10: Efa ɖeka le lita 45, eye bat ɖeka hã le lita 45. Wodzidzea nu ƒuƒuiwo kple efa, eye wodzidzea tsinuwo kple bat. Xomer ɖeka le efa ewo. Wowɔa xomer ŋudɔ dzidzea tsinuwo kple nu ƒuƒuiwo siaa.
11 # Nya 2.7-9. Baba na ame siwo fɔa fɔŋli
hetiaa aha sesẽ yome, nɔa edzi ʋuu
va se ɖe esime zã tsina
be dzo naɖo lã me na yewo.
12Ne wole ŋkekenyui ɖum, le aglo tum la,
kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple kpẽwo
kpena ɖe wain ŋu na wo;
ke womekpɔa Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔ
ɖe naneke me o,
eye womedze si eƒe asinudɔwɔwɔ o.
13Eya ta woɖe aboyo nye dukɔ
elabe mele nu nyam o.
Woƒe bubumewo le kukum le dɔwuame te,
eye tsikɔ le eƒe amehawo wum kutɔkutɔe.
14Ale wole tsiẽƒe dzrom ŋutɔŋutɔ,
eye wòke nu ɖi baa.
Yerusalem ƒe atsyɔ̃, eƒe amehawo
kple dzidzɔkpɔla siwo le eme la age ɖe eme.
15Wobɔbɔ amegbetɔ ɖe anyi,
woɖi gbɔ amewo,
eye dàdalawo ƒe mo yi to.
16Ke Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖe
eƒe gãnyenye fia
le ʋɔnudɔdrɔ̃ me,
eye Mawu Kɔkɔetɔ la ɖe eɖokui fia
le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.
17Alẽviwo aɖu gbe le afi ma
abe woawo ŋutɔ ƒe gbeɖuƒee wònye ene,
eye lã damiwo kple wo viwo aɖu nu
le aƒedoawo me.#5.17: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: “…. eye lã tutɔwo aɖu nu le agbeɖulawo ƒe aƒedowo me”.
18Baba na ame siwo tsɔa alakpaka
dea vodada nɔa hehem,
eye wotsɔa tasiaɖamka hea nuvɔ̃e!
19Wole gbɔgblɔm be:
“Aƒetɔ newɔ kabakaba.
Neʋã ɖe eƒe dɔ ŋu
ne míakpɔe.
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe tameɖoɖo
nete va ne míadze sii.”
20Baba na ame siwo yɔa vɔ̃ be nyui,
eye woyɔa nyui be vɔ̃.
Ame siwo tsɔa viviti wɔa kekelii,
eye wotsɔa kekeli wɔa vivitii.
Ame siwo tsɔa nu veve wɔa nu vivii,
eye wotsɔa nu vivi wɔa nu vevee.
21Baba na ame siwo bua wo ɖokui
nunyalawo kple nugɔmeselawo
le woawo ŋutɔ ŋkume.
22Baba na ame siwo nye kalẽawo
le wain nono me kple ŋutsuwɔlawo,
ne wole aha muame tɔtɔm.
23Woawo, ame siwo xɔa zãnu
hetsoa afia na ame vɔ̃ɖiwo,
eye wotea ame dzɔdzɔewo
ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to.
24Eya ta, abe ale si dzo ƒe aɖe fiãa
ahɔliti takpoe kple gbe ƒuƒui ene la,
nenema tututue woƒe kè anyunyɔ,
eye woƒe seƒoƒo aʋu ya
abe ʋuʋudedi ene.
Elabe wogbe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
ƒe nufiame,
eye woɖe alɔ me le Israel ƒe Kɔkɔetɔ la
ƒe nya ŋu.
25Ale Aƒetɔ do dɔmedzoe
ɖe eƒe dukɔ ŋu vevie,
eye wòdo abɔ ɖe dzi heƒo wo.
Towo ʋuʋu kpèkpekpe,
eye ame kukuawo
tsi kpɔdomee abe gbeɖuɖɔ ene.
Ke hã la, eƒe dzi mefa o;
eƒe abɔ gale dzi kokoko.
26Aƒetɔ awɔ dzesi ayɔ
dukɔ aɖe le didiƒe ke.
Alɔ̃ aku ayɔe
tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke.
Kpɔ ɖa, ele du dzi sesĩe gbɔna!
27Ðeɖi mate wo dometɔ aɖeke ŋu o;
ame aɖeke madze anyi o.
Ɖeke madɔ alɔ̃ alo akɔlɔ̃e o.
Alidziblanu aɖeke matu o,
eye atokotaka aɖeke matso o.
28Woƒe aŋutrɔwo le ɖaɖam,
eye wovu woƒe dawo me.
Woƒe sɔwo ƒe afɔwo le abe kpe ene,
eye woƒe tasiaɖamfɔwo le abe yali ene.
29Woɖea gbe abe dzata ene,
eye woxlɔ̃na abe dzataviwo ene.
Wotea gbe, léa nu dzonae,
eye ame aɖeke mate ŋu axɔe o.
30Gbe ma gbe la, woaɖe gbe
ɖe edzi abe atsiaƒu ƒe agbodzedze ene.
Ne ame aɖe kpɔ anyigba la ɖa la,
kpɔ ɖa, viviti kple nuxaxa koe li.
Eƒe alilikpo na kekeli do viviti.

Currently Selected:

Yesaya 5: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in