Yesaya 47
47
Aƒetɔ he to na Babilon
1 #
Yes 13.1—14.23; Yer 50.1—51.64. Wò ɖetugbi leaƒe, Babilon vinyɔnu,
ɖi ɖe anyi
nabɔbɔ nɔ ʋuʋudedi me.
Wò Kaldea vinyɔnu,
bɔbɔ nɔ anyigba
menye fiazikpui dzi o.
Elabe azɔ la, womagayɔ wò
be vi vevi malɔ̃nugbɔe o.
2Yi ɖe teƒo nàtu wɔ!
Ɖe wò moxevɔ ɖa!
Ɖe wò taɖedzi ɖi!
Klo avɔ le ata ŋu,
ne nàtso tɔ!
3Wò ama me adze,
eye woakpɔ wò ŋukpeƒe.
Mabia hlɔ̃;
nyemagblẽ ame aɖeke ɖi o.
4Mía Ðelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
Eŋkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
5Kaldea vinyɔnu, bɔbɔ nɔ anyi
nazi ɖoɖoe kpoo,
eye nàyi ɖe blukɔ me.
Elabe womagayɔ wò
be aƒenɔ fiaɖuƒewo dziɖula azɔ o.
6Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu;
medo gu nye domenyinu,
eye metsɔ wo de asi na wò.
Ke mèkpɔ nublanui na wo o,
eye nèna amegãɖeɖiwo tsɔ kɔkuti
si kpe wo ŋutɔŋutɔ la.
7Ègblɔ be:
“Manye aƒenɔ dziɖula tegbee!”
ale be nu siawo mewɔ dɔ ɖe dziwò loo,
alo nàɖo ŋu woƒe nuwuwu dzi o.
8 #
Nyaɖ 18.7, 8. Eya ta, azɔ see, wò agbe vivi ɖula,
wò ame si ɖe dzi ɖi le bubum
be yele dedie.
Èle gbɔgblɔm le ɖokuiwò me be:
“Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Nyemanɔ anyi
abe ahosi ene
alo anya ale si vi kuna na amee o.”
9Ke nu eve siawo adzɔ ɖe dziwò kpata
le aɖabaƒoƒo ɖeka me
le ŋkeke ɖeka dzi:
Viwo aku na wò, àzu ahosi hã.
Nu siawo adzɔ ɖe dziwò
nàkpɔ wo teƒe wòasu wò.
Togbɔ be èsa dzo fũu,
eye gbesa sesẽ geɖe le asiwò hã la, woava eme.
10Èɖe dzi ɖi le nuvɔ̃ɖi wɔm
le gbɔgblɔm be:
“Ame aɖeke mele kpɔyem o.”
Wò nunya kple sidzedze kplɔ wò trae,
eye nègblɔ le dzime be:
“Nyee, ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.”
11Gake nya vɔ̃ aɖe ava dziwò,
eye màte ŋu asa vɔ ɖe eta o.
Dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò
màte ŋu aɖee ɖa o.
Nu gbegblẽ aɖe atu wò kpata
si ŋu mànya naneke le o.
12Lé wò gbesawo
kple wò dzo gbogbo
siwo ŋu nèku kutri le
tso wò ɖetugbime ke la me ɖe asi sesĩe.
Ɖewohĩ àte ŋu akpɔ dzidzedze.
Ɖewohĩ àte ŋu ado ŋɔdzi
na ame aɖe kpli wo.
13Ɖeɖi te ŋuwò
le aɖaŋuɖoɖo geɖe si nèxɔ la ta.
Na dziŋgɔli me nunyalawo natso
axɔ na wò.
Woawoe kpɔa ɣletiviwo,
eye ne dzinu dze dzi la,
wogblɔa nu si ava dzɔ ɖe dziwò la na wò.
14Kpɔ ɖa, wole abe gbe ƒuƒu ene;
dzo fiãa wo.
Womate ŋu aɖe wo ɖokui
tso dzo bibi ƒe ŋusẽ nu o.
Menye dzoka xɔxɔ wònye
ne woaƒu o;
menye dzo wònye
woabɔbɔ nɔ egbɔ o.
15Alea ame siwo ŋu nèku kutri ɖo,
eye mia kpli wo mietsa asi
tso ɖetugbime ke la
woazu na wò.
Ame sia ame lé eya ŋutɔ ƒe mɔ tsɔ,
ame aɖeke meli axɔ na wò o.
Currently Selected:
Yesaya 47: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.