Bible App logo
Search Icon

Yesaya 46

46
1Bel de ta to,
Nebo bɔbɔ ta.
Woƒe legba siwo woléna ɖe ta la,
zu agba lãwo kple nyihawo tsɔ
ɖeɖi te wo ŋu.
2Wobɔbɔ ta,
wo katã wode ta to.
Womate ŋu axɔ agba la o,
ke woawo ŋutɔ yi aboyo me.
3Yakob ƒe ƒome,
mi ame siwo katã susɔ
ɖe Israel-dukɔ me, miɖo tom.
Nyee tsɔ miaƒe fu tso dɔme,
kpa mi tso vidzĩme;
4ne mietsi hã la, nye koe;
nyee atsɔ mi kakaka miaƒo wɔ.
Nyee wɔ mi, eye malé be na mi.
Makɔ mi,
axɔ na mi.
5Ame ka ŋu miedi
be yewoatsɔm aɖoe,
akpɔ ɖa be míesɔ hã?
Ame kae miedi
be yewoatsɔm asɔe,
akpɔ ɖa be míeɖi mía nɔewo?
6Amewo ɖea sika fũu tso kotoku me
kɔna ɖi.
Wodaa klosalo le nudanu me.
Wotsɔa sikaɖaŋudɔwɔla,
ame si mèa mawu na wo.
Tete wodzea klo nɛ,
eye wosubɔnɛ!
7Wokɔnɛ ɖe abɔta
ɖadana ɖe enɔƒe
enɔa tsitre ɖe afi ma,
eye metea ŋu ʋãna le enɔƒe o.
Ne wodo ɣli nɛ hã la,
meɖoa eŋu loo,
alo xɔna na ame le xaxa me o.
8“Mi nuvɔ̃wɔlawo, miɖo ŋku esia dzi;
mibu eŋu, migbugbɔ ɖo ŋku edzi.
9Miɖo ŋku nu siwo dzɔ va yi
le blema la dzi, ne miadze sii
be nyee nye Mawu;
ɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
Nyee nye Mawu,
ɖeke mesɔ kplim o.
10Meɖe gbeƒã nu si ava dzɔ la ɖi
le gɔmedzedzea me ke.
Megblɔ nu siwo
nyemekpɔ wɔ haɖe o la ɖi
le blema ke.
Megblɔ be:
‘Mawɔ nye ɖoɖowo dzi,
eye mawɔ nu siwo katã
medi be mawɔ la awu nu.’
11Meyɔ xe ƒonu aɖe tso ɣedzeƒe#46.11: kpɔ 41.2.;
ŋutsu si awɔ nye ɖoɖowo dzi tso anyigba didi aɖe dzi.
Nyee ke nu gblɔe; mana wòava eme godoo.
Nyee ɖoe; mele ewɔ ge.
12Miɖo tom, mi ame siwo ƒe dzime sẽ;
mi ame siwo le adzɔge
tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ gbɔ.
13Maɖe mi kpuie;
egbɔ megadidi kura o.
Nye xɔname mahe ɖe megbe o.
Maxɔ Zion ɖe agbe,
eye mana woagade bubu Israel ŋu.”

Currently Selected:

Yesaya 46: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in