Bible App logo
Search Icon

Yesaya 43

43
Mawu do ŋugbe be yeaɖe yeƒe dukɔ
1Ke azɔ Aƒetɔ, ame si wɔ wò Yakob,
eye wòmè wò Israel la be:
“Mègavɔ̃ o,
elabe meɖe wò.
Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò.
Tɔnyee nènye.
2Ne èto tɔ tɔwo me la,
meli kpli wò;
ne èto tɔsisiwo me la,
tsi malé wò o.
Ne èto dzo me la,
mamè wò o,
eye dzo ƒe aɖewo mafiã wò o.
3Elabe nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu,
Israel ƒe Kɔkɔetɔ la, wò Xɔla.
Metsɔ Egipte ƒle tawò.
Nubia kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
4Elabe èxɔ asi le ŋkunye me,
bubu le ŋuwò,
eye melɔ̃ wò.
Metsɔ amegbetɔwo na ɖe tewòƒe;
metsɔ dukɔwo na ɖe wò agbe ta.
5Mègavɔ̃ o,
elabe meli kpli wò!
Makplɔ wò dzidzimeviwo tso ɣedzeƒe gbɔe,
eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe vɛ.
6Magblɔ na dzigbeme be:
Ɖe asi le wo ŋu,
eye na anyigbeme be:
Mègasika wo ɖi o!
Kplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe vɛ
kple vinye nyɔnuwo tso anyigba
ƒe mlɔenu vɛ.
7Kplɔ ame sia ame si ŋu
woyɔ nye ŋkɔ ɖo,
ame sia ame si mewɔ,
ame sia ame si memè,
trɔ asi le eŋu hena nye bubu la, vɛ.”
Israel nye Aƒetɔ ƒe ɖasefo
8Kplɔ dukɔ siwo nye ŋkunɔwo
evɔ ŋku le wo si,
esiwo nye tokunɔwo
evɔ to le wo si la do goe!
9Na dukɔwo katã naƒo ƒu,
dukɔwo nakpe ta.
Wo dometɔ kae agblɔ nya sia,
eye wòagblɔ nya siwo dzɔ va yi la afia mí?
Wonekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ,
ne woaɖi ɖase na wo,
eye woaɖo to wo
ne woagblɔ be nyateƒee.
10Aƒetɔ be: “Miawoe nye nye ɖaseɖilawo
kple nye dɔla si metia la
bene mianyae, axɔ dzinye ase,
eye miase egɔme be nyee.
Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o,
eye ɖeke hã mava ɖe yonyeme o.
11Nye, nyee nye Aƒetɔ;
Xɔnametɔ aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
12Aƒetɔ be meɖe gbeƒã,
mexɔ na ame,
eye megblɔe ɖi
esi mawu bubu aɖeke menɔ mia dome o.
Miawoe nye nye ɖaseɖilawo,”
Aƒetɔ lae gblɔe.
13“Nyee nye Mawu,
eye tso fifia dzi yina la, nyee.
Ame aɖeke mate ŋu axɔ nu
le asinye o.
Mewɔa nu,
ame kae ate ŋu axe mɔ nɛ?”
Sisí tso Babilon
14Aƒetɔ, mia Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be:
“Mia tae madɔ ame ɖo ɖe Babilon;
Manyrɔ Kaldeatɔ, sisíla mawo katã
kple woƒe ʋu siwo me
wokpɔa dzidzɔ le la.#43.14 Gɔmeɖeɖe aɖewo be: “…. maŋe gametiwo katã. Ale Kaldeatɔwo ƒe dzidzɔɣli atrɔ zu konyifafa.”
15Nyee nye Aƒetɔ, miaƒe Kɔkɔetɔ la,
Israel Wɔla, miaƒe Fia.”
16Aƒetɔ, ame si ta mɔ ɖe atsiaƒu me,
eye wòɖe toƒe ɖe tɔ wɔadãwo me;
17eya, ame si nana be tasiaɖamwo, sɔwo,
aʋakɔwo kple kalẽtɔwo siaa hona,
wotsia anyigba, womegate ŋu fɔna o,
eye wònana be wo nu tsi
abe ale si akaɖimeɖovu tsina ene lae gblɔ be:
18Migaɖo ŋku blemanuwo dzi o,
eye migatsɔ nu siwo dzɔ va yi la
de susu me o.
19Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm.
Ele mo dom ɖa xoxo;
ɖe miele dzesi demee oa?
Mana mɔ tata naɖo gbedadaƒo,
eye tɔwo naŋɔ ɖe kegbegbe.
20Gbemelãwo ade bubu ŋunye,
akpatakuwo kple tsatsaboliwo hã;
elabe mena tsi ŋɔ le gbedadaƒo,
eye tɔwo sí le kegbegbe,
be mana tsi nye dukɔ tiatia la
wòano.
21Eyae nye dukɔ si mewɔ na ɖokuinye,
ale be wòaɖe gbeƒã akafum.
Nu vɔ̃ si Israel-dukɔ wɔ
22Ke Yakob, menye nyee nèyɔ o.
Israel, nu ti kɔ nam le tawò.
23Mètsɔ wò alẽviwo sa numemevɔ nam o,
eye mètsɔ wò vɔsawo de bubu ŋunye o.
Nyemetsɔ wò nunanawo do agba na wò o,
alo tsɔ lifi ɖe fu na wò o.
24Mètsɔ ga ƒle gbekee nam o,
eye mètsɔ wò vɔsalã ƒe ami ɖi ƒoe nam o;
ke wò nuvɔ̃woe nètsɔ do agba nam.
Nèɖe fu nam kple wò vodadawo.
25Nye, nyee,
nyee atutu wò dzidadawo ɖa
le nye ŋutɔ ɖokuinye ta,
eye nyemaɖo ŋku wò nuvɔ̃wo dzi o.
26Na míayi ʋɔnu.
Ɖe wò nya gblɔ,
ne woatso afia na wò.
27Tɔgbuiwò gbãtɔ wɔ nuvɔ̃,
eye wò nunɔlawo da vo ɖe ŋunye.
28Eya ta medo gu kɔkɔeƒe la
ƒe amegãwo.
Mede Yakob asi
be woatsrɔ̃e gbidigbidi,
eye woaƒo fi ade Israel.

Currently Selected:

Yesaya 43: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in