Yesaya 41
41
Mawu na kakaɖedzi Israel
1Mi ƒukpowo, minɔ anyi kpoo
miaɖo tom.
Mina dukɔwo nakpɔ ŋusẽ yeye.
Mina woate va aƒo nu.
Mina mí katã míate va ʋɔnu.
2Ame kae fɔ dziɖula tso ɣedzeƒe?
Ame kae tsɔ dukɔwo de asi
le eŋkume?
Ame kae na wòle dukɔwo dzi ɖum,
eye wòle fiawo fanyam kple afɔ?
Ewɔa wo abe ʋuʋudedi ene
kple eƒe yi,
eye wòwɔa wo abe gbe ƒuƒu le ya nu ene
kple eƒe dati.
3Etia wo yome;
etoa mɔ la dedie,
eƒe afɔ mekaa anyi o.
4Ame kae wɔ esia, wu enu,
eye wòyɔ dzidzimewo tso
keke gɔmedzedzea me ke?
Nye Aƒetɔ, nyee nye gbãtɔ,
eye nye kee nye mlɔetɔ.
5Ƒukpowo kpɔe;
vɔvɔ̃ ɖo wo.
Anyigba ƒe mlɔenuwo ʋuʋu,
eye wote va.
6Ame sia ame kpena ɖe ehavi ŋu,
eye wògblɔna na nɔvia be:
“Lé dzi ɖe ƒo!”
7Aɖaŋudɔwɔla doa ŋusẽ sika ŋu nunyala,
eye ame si téa nu kple zu la
doa ŋusẽ ame si le nu dzi ƒom
le zukpe dzi hegblɔna
le nu si tsyiam wòle la ŋu be: “Enyo.”
Woƒoa gatagbadzɛ ɖee sesĩe,
ale be mate ŋu aʋã o.
8 #
Kron II, 20.7; Yak 2.23. Ke wò Israel, nye dɔla,
Yakob, wò ame si metia,
xɔ̃nye Abraham ƒe dzidzimevi.
9Wò, si mekplɔ tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke,
eye meyɔ wò tso keke eƒe dzogoewo dzi ke
hegblɔ na wò be:
“Nye dɔla nènye;
metia wò,
eye nyemegbe wò o.”
10Mègavɔ̃ o,
elabe meli kpli wò!
Ŋɔ megadzi wò o,
elabe nyee nye wò Mawu!
Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò.
Matsɔ nye dziɖuɖu ƒe nuɖusi
alé wò ɖe te.
11Kpɔ ɖa, ame siwo katã do dɔmedzoe
ɖe ŋuwò la,
ŋu akpe wo
eye woƒe mo atsi dãa.
Ame siwo ke ɖi kpli wò la
aɖi gbɔ, eye woatsrɔ̃.
12Àdi ame siwo wɔ avu kpli wò;
ke màkpɔ wo o.
Ame siwo wɔ aʋa kpli wò
azu ame ɖigbɔwo.
13Elabe nye Aƒetɔ, wò Mawu lae
lé wò nuɖusi ɖe asi.
Nyee gblɔ na wò be:
“Mègavɔ̃ o; makpe ɖe ŋuwò.”
14Aƒetɔ be:
Wò ŋɔvi Yakob, mi Israel-ŋutsuwo,
mègavɔ̃ o; makpe ɖe ŋuwò.
Wò Ɖelae nye Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
15Kpɔ ɖa, mawɔ wò nànye luƒotasiaɖam
si le yeye, si le ɖaɖam, si si aɖuwo le.
Àfanya towo, agbã wo gudugudu,
eye àwɔ togbɛwo woanɔ abe nutsro ene.
16Àgbɔ wo, ya alɔ wo ɖe nu,
eye ahomya aka wo ahlẽ.
Ekema wò ya àkpɔ dzidzɔ
ɖe Aƒetɔ ŋu,
eye àtsɔ Israel ƒe Kɔkɔetɔ la
aƒo adegbee.
17Ne ame dahewo kple hiãtɔwo le tsi dim,
eye tsi aɖeke meli o;
ne woƒe aɖe dzi ƒu le tsikɔwuame ta la,
nye Aƒetɔ, matɔ na wo.
Nye Israel ƒe Mawu la,
nyemagblẽ wo ɖi o.
18Mana tɔsisiwo naŋɔ
le to ƒeƒlewo tame,
eye tsidzɔƒewo anɔ baliwo me.
Mana gbedadaƒo nazu tá,
eye tsi ado bababa
tso anyigba ƒuƒu me.
19Mado sederti, xeti, gbemiti kple amiti
ɖe gbedadaƒo,
eye mado sesewu, fɔfɔlĩ kple kpomi siaa
ɖe kegbegbe.
20Esia ava eme bene amewo nakpɔe,
anyàe,
bene woabu eŋu, eye woase egɔme
be Aƒetɔ ƒe asie wɔ esia;
Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae wɔe.
Aƒetɔ tso ɖe alakpamawuwo ŋu
21Aƒetɔ be,
mihe miaƒe nya ɖe go.
Yakob ƒe Fia la be,
miʋli mia ɖokui ta míase.
22Mikplɔ miaƒe mawuwo vɛ
ne woagblɔ nu si gbɔna
dzɔdzɔ ge la na mí.
Migblɔ nu si dzɔ le blema la na mí
bene míalé ŋku ɖe wo ŋu,
anya ale si nyaawo wu nui.
Alo migblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge
la na mí.
23Migblɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge
emegbe la na mí,
ne míadze sii
be mawuwoe mienye nyateƒe.
Miwɔ nu nyui aɖe
alo nu gbegblẽ aɖe
bene ŋɔdzi nalé mí;
vɔvɔ̃ naɖo mí.
24Kpɔ ɖa, nu ɖigbɔwoe mienye,
eye miaƒe dɔwɔwɔ nye nu dzodzro.
Ame sia ame si tia mi la,
ŋunyɔnu wònye.
25Meyɔ ame aɖe le dzigbeme,
eye wòtso ɣedzeƒe va ɖe gbeƒã nye ŋkɔ.
Afanya dziɖulawo abe anyi ene;
anyama wo abe ale si zemela nyaa tsui ene.
26Ame kae gblɔe tso gɔmedzedzea
ne míanya?
Ame kae gblɔe ɖi xoxoxo,
ne míagblɔ be: “Etɔ dzɔ”?
Ame aɖeke megblɔe o;
ame aɖeke meɖe gbeƒãe o,
eye ame aɖeke hã mese miaƒe nyawo o.
27Nyee ɖe gbeƒãe gbã na Zion,
eye meɖo du nyui xɔvɛlawo ɖe Yerusalem.
28Ke esi metsa ŋku la
wo dometɔ aɖeke meli o.
Aɖaŋuɖola aɖeke mele wo dome
be, ne mebia nyae la,
wòaɖo eŋu o.
29Kpɔ ɖa, wo katã la,
nu maɖinuwo wonye.
Woƒe dɔwɔwɔwo nye nu dzodzro.
Woƒe legbaawo nye yaƒoƒo ko.
Currently Selected:
Yesaya 41: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.