Bible App logo
Search Icon

Yesaya 40

40
Nya siwo me mɔkpɔkpɔ le
1“Mifa akɔ! Mifa akɔ na nye dukɔ!”
Mia Mawue gblɔe.
2Miƒo nu na Yerusalem kple lɔlɔ̃.
Mido ɣli ɖo ɖee
be eƒe aʋawɔwɔ wu enu.
Wotsɔ eƒe vodada kee.
Exɔ eƒe nuvɔ̃wo katã ŋu fetu
zigbɔzi eve tso Aƒetɔ ƒe asi me.
3 # Sir 48.10; Bar 5.7; Mat 3.3; Mar 1.3; Yoh 1.23. # Luk 3.4-6. Gbe aɖe le ɖiɖim be:
“Miɖe mɔ le gbedadaƒo na Aƒetɔ!
Miwɔ mía Mawu ƒe mɔ gã la
le kegbegbe la wòadzɔ.
4Bali ɖe sia ɖe me akɔ dzi.
To sia to kple togbɛ sia togbɛ
anyè ɖe eme.
Anyigba masɔmasɔwo asɔ,
eye teƒe tsakliwo azu zɔzrɔ̃e.
5Ekem woaɖe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe afia,
eye amegbetɔƒomea katã aƒo ƒu akpɔe,
elabe Aƒetɔ ƒe nue gblɔe.”
6 # Yak 1.10, 11; Pet I, 1.24, 25. Gbe aɖe ɖi be: “Ðe gbeƒã!”
Mebia be: “Nya ka maɖe gbeƒãe?”
Amegbetɔƒomea katã le abe gbe ene,
eye eƒe agbenɔɣi katã le abe seƒoƒo
le abɔ me tɔ ene.
7Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna
ne Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo.
Nyateƒee, amegbetɔ la, gbee wònye.
8Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna,
ke mía Mawu ƒe nya la ya
anɔ anyi tegbee.
9Wò Zion, du nyui xɔvɛla,
lia to kɔkɔ la!
Wò Yerusalem, du nyui xɔvɛla,
kɔ wò gbe dzi kple ŋusẽ!
Kɔe dzi, mègavɔ̃ o.
Gblɔ na Yuda-duwo be:
“Mia Mawu lae nye esi!”
10 # Yes 62.11; Nyaɖ 22.12. Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu gbɔna kple ŋusẽ,
eye eƒe alɔ aɖu fia ɖe enu.
Kpɔ ɖa, fetu le esi,
eye teƒeɖoɖo le eŋgɔ.
11 # Xez 34.15; Yoh 10.11. Anyi eƒe alẽha abe alẽkplɔla ene.
Aƒo ƒu alẽviawo ɖe eƒe abɔwo dome,
eye wòakɔ wo ɖe akɔ nu.
Akplɔ alẽnɔ nonalawo ɖɔɖɔɖɔ.
Mawu aɖeke mesɔ kple Israel ƒe Mawu la o
12Ame kae tsɔ asiʋlo dzidze tsi kpɔ,
alo tsɔ asi dzidze dziƒowo kpɔ?
Ame kae tsɔ nudonui do ʋuʋudedi kpɔ
alo da towo kple togbɛwo le nudanu me kpɔ?
13 # Rom 11.34; Kor I, 2.16. Ame kae fia nu si Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ
awɔ lae kpɔ?
Ame kae azu eƒe aɖaŋuɖola afia nui?
14Ame kae wòde adaŋu kplii kpɔ
bene wòafia sidzedze ye,
eye wòafia nui
ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ŋu kpɔ?
Ame kae wòde adaŋu kplii kpɔ
bene wòafia nunya kple nugɔmesese ye?
15 # Nya 11.22; Sir 10.16, 17. Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi
si gena toŋtoŋ le ze ŋu la ene.
Wobua wo
abe ʋuʋudedi le nudanu me ene.
Kpɔ ɖa, ƒukpowo le eŋkume
abe ʋuʋudedi biɖibiɖi si ya ƒo la ene.
16Lebanon-tiwo gɔ̃ hã mesu dzododo o,
eye eƒe avemelãwo hã
mede numemevɔsa o.
17Dukɔwo katã meɖi naneke
le eŋkume o.
Ebu wo nu maɖinu kple nu dzodzrowoe.
18 # Dɔw 17.29. Ekema ame ka koŋ ŋue
miatsɔ Mawu asɔ ɖo?
Alo nu ka ƒe dzedzeme ŋue
miatsɔe asɔ ɖo?
19Legbae loo?
Aɖaŋudɔwɔlae kɔ̀nɛ,
sika ŋu nunyala faa sika ɖe eŋu,
eye klosalo ŋu nunyala dea kɔsɔkɔsɔ eŋu.
20 # Nya 13.11-19. Ame ɖoko si mate ŋu ana nu sia o la,
tiaa ati manyunyɔ na eɖokui.
Edia aɖaŋudɔwɔla nyanu aɖe
bene wòali legba aɖe
si mamu o la na ye.
21Mienya oa?
Miesee oa?
Ðe womegblɔe na mi
tso gɔmedzedzea me ke oa?
Ɖe miekpɔ anyigbagɔmeɖoanyila la
dze sii oa?
22Eya ame si bɔbɔ nɔ anyigba nogo la tame,
eye edzinɔlawo le dzedzem
abe ʋetsuviwo ene;
eya ame si he dziƒowo me
abe avɔ falɛfalɛ ene,
eye wòkeke wo me abe avɔgbadɔ ene
be yeanɔ wo me.
23Eya ame si na amegãwo zu nu maɖinuwo,
eye wòɖi gbɔ anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo.
24Womekpɔdo wo gɔ̃ hã o,
womekpɔƒã wo hã o,
eye woƒe ati meƒo ke ɖe to me gɔ̃
hafi wògbɔ ɖe wo dzi,
eye woƒu o.
Tete ahomya lɔ wo dzoe
abe gbe ƒuƒu ene.
25Tete Kɔkɔetɔ la be:
Ekema ame ka koŋ ŋue
miatsɔm asɔ ɖo
be masɔ kplii?
26 # Bar 3.34, 35. Mifɔ mo dzi
ne miakpɔ ɖa!
Ame kae wɔ nu siawo?
Ame si kplɔa woƒe aʋakɔ doa goe,
eye wònya woƒe xexlẽme
heyɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋkɔ.
Le eƒe ŋusẽ triakɔ kple ŋutete ta la,
wo dometɔ aɖeke mebu o.
27Yakob, nu ka ta nèle nu ƒom?
Israel, ɖe nèle gbɔgblɔm be:
“Nye mɔ le ɣaɣla ɖe Aƒetɔ,
eye nye Mawu meléa ŋku
ɖe nye nya dzɔdzɔe ŋu o” mahã?
28Mienya oa?
Miesee oa?
Aƒetɔ la, Mawu mavɔ wònye;
Xexeme blibo la Wɔlae.
Nu metia kɔ nɛ o,
ɖeɖi hã metea eŋu o.
Eƒe nunya me dzodzro tsitotsito
meli o.
29Edoa ŋusẽ ame siwo nu ti kɔ na,
eye wòdzia ame beliwo
ƒe ŋusẽ ɖe edzi.
30Nu ati kɔ na sɔhɛwo gɔ̃ hã,
eye ɖeɖi ate wo ŋu.
Ɖekakpui kekeake hã
agbɔdzɔ, adze anyi.
31Ke ame siwo kpɔa mɔ na Aƒetɔ ya la,
akpɔ ŋusẽ yeye.
Woasa agba ayi dzi ʋĩi
abe hɔ̃ ene.
Woaƒu du, ɖeɖi mate wo ŋu o;
woazɔ azɔli, womagbɔdzɔ o.

Currently Selected:

Yesaya 40: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in