Bible App logo
Search Icon

Yesaya 37

37
Fia la bia Yesaya be wòaɖo aɖaŋu na ye
(Fia II, 19.1-7)
1Esi fia Xizkiya se nya siawo ko la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòyi Aƒetɔ ƒe aƒe la me. 2Edɔ Elyakim aƒedzikpɔla, Sebna agbalẽŋlɔla la kple nunɔlawo ƒe ame tsitsiwo. Wota akpanya, eye wòɖo wo ɖe gbeƒãɖela Yesaya, Amoz vi la gbɔ. 3Wogblɔ nɛ be: “Xizkiya be: ‘Egbee nye xaxa, tohehe kple fewuɖugbe. Vi ɖo ata me, ke ŋusẽ aɖeke meli woadzii o. 4Ɖewohĩ Aƒetɔ, wò Mawu la se Rabsake ƒe nyaawo. Nya siwo eƒe aƒetɔ Asiria-fia la de esi be wòatsɔ ɖu fewu le Mawu gbagbe la ŋui, eye Aƒetɔ, wò Mawu la ahe to nɛ le nya si wòse la ta. Eya ta mido gbe ɖa ɖe ame siwo susɔ la ta.’ ”
5Esi fia Xizkiya ƒe dɔlawo va Yesaya gbɔ la, 6Yesaya gblɔ na wo be: “Nya si miagblɔ na miaƒe aƒetɔ lae nye esi: ‘Aƒetɔ be, nya siwo Asiria-fia ƒe amedɔdɔwo tsɔ va ɖe alɔ me le ŋunye miese la, megadzi ŋɔ na mi o. 7Kpɔ ɖa, made gbɔgbɔ aɖe eme ale be wòase ʋunyaʋunya aɖe, eye wòatrɔ yi wo denyigba dzi. Mana wòatsi yi nu le wo de.’ ”
Asiriatɔwo gado ŋɔdzi na fia Xizkiya
(Fia II, 19.8-19)
8Esi Rabsake se be Asiria-fia dzo le Laxis la, etrɔ eye wòkpɔ Asiria-fia wònɔ aʋa wɔm kple Libna. 9Azɔ du va na Asiria-fia la be Nubia-fia Tirhaka ho aʋa ɖe eŋu. Esi wòsee la, edɔ ame ɖo ɖe Yuda-fia Xizkiya, ne woagblɔ nɛ be: 10“Mègana Mawu si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la naflu wò be womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria-fia o. 11Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ èse nu si Asiria-fiawo tu kple dukɔwo katã: wotsrɔ̃ wo gbidigbidi; ko Mawu aɖe wò yaa? 12Ɖe dukɔ siwo tɔgbuinyewo tsrɔ̃ - Gozan, Xaran kple Rezef kpakple Edentɔ siwo nɔ Telasar - la ƒe mawuwo ɖe woa? 13Afi ka Xamat-fia kple Arpad-fia le? Afi ka Safarvayim-du, Hena kple Iva fiawo le?”
14Xizkiya xɔ agbalẽa le amedɔdɔawo si xlẽ. Eyome eyi mawuƒe la me, eye wòkee ɖe Aƒetɔ ŋkume. 15Xizkiya do gbe ɖa na Aƒetɔ be: 16#Mos II, 25.22. “O, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu, wò ame si le kerubiwo tame, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba fiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 17O, Aƒetɔ, ɖo to nàse, ʋu ŋku nàkpɔ. Se nya siwo katã Sanxerib gblɔ ɖo ɖa be yeaɖe alɔ me le Mawu gbagbe la ŋui la ɖa! 18O, Aƒetɔ, le nyateƒe me la, Asiria-fiawo tsrɔ̃ dukɔwo katã kple woƒe anyigbawo 19esi wotsɔ woƒe mawuwo ƒu gbe ɖe dzo me, eye wotsrɔ̃ wo, elabe menye mawuwo wonye o, ke boŋ nu siwo amegbetɔ tsɔ ati kple kpe wɔ la ko wonye. 20Azɔ, o Aƒetɔ, mía Mawu, ɖe mí tso Sanxerib si me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be wò ɖeka hɔ̃ koe nye Aƒetɔ.”
Yesaya xɔ Mawu ƒe gbedeasi yi na fia la
21Tete Yesaya, Amoz vi la, ɖo ame ɖe Xizkiya ne woagblɔ nɛ be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: “Esi nèdo gbe ɖa nam ku ɖe Asiria-fia, Sanxerib ŋu ta la, 22nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe eŋu lae nye be:
‘Eɖe alɔ me le ŋuwò,
eko wò,
Zion vinyɔnu, ɖetugbi leaƒe.
Eʋuʋu ta ɖe yowòme,
wò Yerusalem-nyɔnuvi.
23Ame ka nèdo vloe eye ame kae nèdzu?
Ame ka tae nèdo ɣli ɖo?
Ame ka ŋue nèwu wò ŋkuwo dzi ɖo?
Ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu!
24Eto wò dɔlawo dzi
heɖe alɔ me le Aƒetɔ la ŋu be:
Nye tasiaɖam gbogboawo metsɔ yi
towo tamee,
yi keke Lebanon ƒe mlɔenu ke.
Metso eƒe sederti kɔkɔwo
kple sesewu nyuitɔwo ƒu anyi.
Mede keke eƒe kɔkɔƒe ke
kple ave dodo me.’
25Meɖe vudowo heno tsi la,
eye metsɔ nye afɔƒome
na Egipte-tɔsisiwo katã mie.
26Mèsee kpɔ oa?
Blema kee mewɔe;
tso gbe aɖe gbe kee meɖoe.
Azɔ mena wòva eme
be nàgbã du sesẽwo woazu glikpowo.
27Eya ta ŋusẽ avɔ le wo me nɔlawo ŋu,
dzi naɖe le wo ƒo,
eye gbɔgblɔ abu ɖe wo.
Woazu abe agble me ma, gbe mumu,
xɔta me gbe kple nuku
si tsi to nu la ene.
28Menya wò anyinɔnɔ,
wò dodo kple wò gbɔgbɔ
kple wò aglãdzedze ɖe ŋunye.
29Esi nèdze aglã ɖe ŋunye,
eye wò dàda va nye to me ta la,
matsɔ nye nublaga ade ŋɔti na wò
made nye numega nu na wò,
eye magbugbɔ wò ato mɔ
si nèto va la dzi.”
30“Azɔ nu si anye dzesi na wò lae nye esi: Le ƒè sia me la, miaɖu nu siwo mie le wo ɖokui si, eye le ƒè evelia me la, miaɖu flunyigba me nuku. Ke le ƒè etɔ̃lia me la, miƒã nu miaŋe, eye mide waingble miaɖu eme kutsetsewo. 31Yuda-to la ƒe ame mamlɛ siwo tsi agbe la agato kè ɖo ta to me, eye woatse ku ɖe dzime. 32Elabe ame mamlɛawo ado tso Yerusalem, eye agbetsilawo ƒe hatsotso aɖe ado tso Zion-to la dzi. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ƒe dzotsɔtsɔ ɖe nu ŋu awɔ esia ade goe.
33Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Asiria-fia ŋu be: Mele du sia me va ge alo ada aŋutrɔ ɖe eme o. Matsɔ akpoxɔnu ate ɖe eŋu loo, alo aƒu kpo ɖe eŋu o. 34Mɔ si dzi wòto va la, eya ke dzie wòato adzo. Magava du sia me o. Aƒetɔ lae gblɔe. 35Elabe makpɔ du sia ta, aɖee, le nye ŋutɔ kple nye dɔla David ta.”
36Tete Aƒetɔ ƒe dɔla yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo ƒe asaɖa me. Esi wofɔ ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, ame siawo katã ku. 37Ale Sanxerib, Asiria-fia trɔ yi aƒe, eye wòɖanɔ Ninive. 38Eva dzɔ be esime wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu Nisrox ƒeme la, via ŋutsuwo, Adramelex kple Sarezer ɖawui kple yi, eye wosí yi Ararat-nyigba dzi. Via Esar-Xadon zu fia ɖe eteƒe.

Currently Selected:

Yesaya 37: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in