Yesaya 32
32
Fia, nuteƒewɔla la
1Kpɔ ɖa, fia aɖu dzi
to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me,
eye amegãwo aɖu dzi
le afia dzɔdzɔe tsotso nu.
2Ame sia ame anɔ abe beɖoƒe
tso yaƒoƒo nu ene.
Woanɔ abe tɔʋuwo
le kuɖiɖinyigba dzi
kple agakpe gã ƒe vɔvɔli
le anyigba si nu ti kɔ na la dzi ene.
3Ale nukpɔlawo ƒe ŋku magatsi o,
eye nuselawo ƒe to ase nu.
4Ame mabutamewo ƒe susu adze si nyateƒe,
eye kɔkɔlawo ƒe aɖe aƒo nu nyuie eme nakɔ.
5Womagayɔ movitɔwo
be bubumewo azɔ o,
eye womagayɔ ame drawo
be ame ŋkutawo o.
6Elabe movitɔ la, movinya ko wògblɔna,
eƒe dzi susua nu gbegblẽ:
ne wòawɔ nu madzɔmadzɔ
agblɔ nya trama ɖe Aƒetɔ ŋu;
enana be dɔwuitɔwo tsia dɔmeɣi,
eye wòtea tsi tsikɔwuitɔwo.
7Ame dra ɖoa tame vɔ̃;
edea adaŋu vɔ̃
be yeatsɔ alakpanya agblẽ ame dahewoe,
nenye be hiãtɔ ƒe nya dzɔ gɔ̃ hã.
8Ke bubume wɔa ɖoɖo vavãwo,
eye wòzɔna ɖe ɖoɖo vavãawo nu.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nuwo gbugbɔ ɖo te nu
9Mitso, mi nyɔnu siwo le vovo me,
mise nye gbe.
Milé to ɖe nye nyawo ŋu,
mi vinyɔnu siwo dzea mia ɖokui ŋu.
10Le ƒe ɖeka kple ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la,
mi nyɔnu siwo dzea mia ɖokui ŋu, miadzo nyànyanya,
elabe waintseɣi nu ayi,
eye kutsetsegbeɣi mava o.
11Dzidzi neƒo mi,
mi nyɔnu siwo le vovo me.
Midzo nyànyanya,
mi vinyɔnu siwo dzea mia ɖokui ŋu!
Miɖe avɔ ɖi,
mianɔ amama,
eye miasa akpanya ɖe ali!
12Miƒo akɔta le agble siwo nyo
kple waintsetsewo ta.
13Ŋuwo kple aŋɔkawo mie
ɖe nye dukɔ la ƒe anyigba dzi
kple du si kpɔa dzidzɔ la
ƒe dzidzɔkpɔxɔwo siaa me.
14Elabe woagblẽ fiasã la ɖi,
eye du si me amewo nɔ fũu la aɖi gbɔlo,
togbɛ la kple gbetakpɔxɔ la
azu agadowo tegbee.
Gbetedziwo afe le afi ma,
eye wòazu gbeɖuƒe na lãhawo.
15Ava eme va se ɖe esime woatrɔ gbɔgbɔ la
akɔ ɖe mía dzi tso dziƒo.
Gbegbe azu anyigba wɔnuku,
eye anyigba wɔnuku azu ave dodo.
16Ale ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe anɔ gbegbe la,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ anɔ anyigba wɔnuku la dzi.
17Nu si ado tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ me
anye ŋutifafa,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe metsonu
anye dziɖeɖi kple dzixɔse tegbee.
18Nye dukɔ anɔ teƒe si ŋutifafa le;
anɔ dedienɔnɔ teƒewo
kple gbɔɖemeƒe siwo zi ɖoɖoe toŋtoŋ la me.
19Ave blibo la ava anyi,
eye du la ayi to keŋkeŋ.
20Woyra mi ame siwo ċ nu
ɖe tɔwo katã to,
eye mieɖe ka nyitsu kple tedzi
wole tsatsam.
Currently Selected:
Yesaya 32: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.