Yesaya 31
31
Mawu akpɔ Yerusalem ta
1Baba na ame siwo yia Egipte
be woakpe ɖe yewo ŋu.
Woɖoa ŋu ɖe sɔwo ŋu,
eye woɖoa dzi ɖe tasiaɖamwo ŋu elabe wosɔ gbɔ.
Woɖoa dzi ɖe sɔdolawo ŋu
elabe wosesẽ ŋutɔ;
ke wometrɔna ɖe Israel ƒe Kɔkɔetɔ la ŋu
alo dia Aƒetɔ o.
2Evɔ eya hã la, nunyala wònye,
eye wòhea dzɔgbevɔ̃e vɛ.
Metrɔna le eƒe nya yome o;
ke boŋ atsi tre ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu
kple ame siwo kpena
ɖe nu tovo wɔlawo ŋu.
3Azɔ Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye;
womenye Mawu o.
Woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye;
womenye gbɔgbɔ o.
Ne Mawu do eƒe asi ɖa la,
dzidzi ƒoa kpeɖeŋutɔ la,
eye ame si ŋu wòle kpekpem ɖo la hã
adze anyi.
Ale wo kple eve la siaa atsrɔ̃.
4Elabe Aƒetɔ gblɔ nam be:
Abe ale si dzata alo dzatavi
nɔa nu si wòlé la gbɔ nɔa gbe tem,
eye ne woyɔ alẽkplɔlawo ɖe eŋu fũu hã,
woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o,
eye meɖoa to woƒe hoowɔwɔ o ene la,
nenemae Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la aɖi va,
bene wòawɔ aʋa le Zion-to
kple eƒe togbɛ la dzi.
5Abe ale si xeviwo saa agbae ene la,
nenema Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
adzɔ Yerusalem ŋui.
Adzɔ eŋu,
eye wòaɖee.
Alé be nɛ,
eye wòaxɔ nɛ.
6Mi Israelviwo, migatrɔ ɖe ame si ŋu miedze aglã ɖo vevie la ŋu. 7Elabe ɣe ma ɣi la, ame sia ame atsɔ eƒe klosalolegba kple sikalegba siwo miaƒe asiwo wɔ le nuvɔ̃ me na mi la, aƒu gbe.
8“Ekema Asiriatɔ la atsi yi nu,
ke manye amegbetɔ ƒe yi nu o.
Yi aɖe avuvui,
ke menye amegbetɔ tɔ o.
Así le yia nu,
eye woazi eƒe ɖekakpuiwo dzi
be woawɔ dɔ sesẽ.
9Eƒe agakpe la ate ɖa
le ŋɔdzi ta,
eye eƒe amegãwo adzo nyànyanya
le aflaga la ŋgɔ.”
Aƒetɔ, ame si ƒe dzo le Zion,
eye eƒe kpodzo le Yerusalem lae gblɔe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.