Bible App logo
Search Icon

Yesaya 30

30
Nubabla si wowɔ kple Egipte maɖe vi o
1Aƒetɔ be:
“Baba na vi dzeaglã
siwo wɔa ɖoɖo siwo menye tɔnye o,
eye woɖoa habɔbɔ si me nye gbɔgbɔ mele o,
ne woadzi nuvɔ̃ ɖe nuvɔ̃ dzi.
2Ame siwo mebiaa mɔm
hafi yia Egipte o be yewoasi Egipte Fiagã ƒe ŋusẽ atso,
eye woabè ɖe Egipte ƒe vɔvɔli te.
3Eya ta Egipte Fiagã la ƒe ametakpɔkpɔ
azu ŋukpe na mi,
eye bebeƒe le Egipte ƒe vɔvɔli te
azu dzu na mi.
4Elabe togbɔ be eƒe amegãwo le Zoan,
eye eƒe amedɔdɔwo de Xanes hã la,
5ŋu akpe wo dometɔ ɖe sia ɖe
to dukɔ si mate ŋu aɖe vi aɖeke
na wo o la dzi.
Dukɔ si mahe kpekpeɖeŋu
alo viɖe vɛ o;
ke boŋ ŋukpe kple vlododo ko.”
6Gbedeasi ɖe anyigbemekegbegbe ƒe lãwo ŋu:
To hiãkame kple xaxa ƒe anyigba dzi,
afi si dzatanɔ kple dzatatsu,
dzakpata kple da si dzòna la le.
Afi mae wotsɔa woƒe nuwo ɖoa tedziwo dzi
kple woƒe kesinɔnuwo ɖoa
kposɔwo ƒe medome tsonɛ,
heɖoa ta dukɔ si gbɔ womakpɔ
viɖe aɖeke le o la gbɔ.
7Egipte ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o,
eya ta meyɔe be:
“Ʋɔdriba si mate ŋu aʋã o.”
Dukɔ masetonu la
8Azɔ la yi nàŋlɔe
ɖe nuŋlɔkpe dzi le wo ŋkume,
eye nàŋlɔe ɖe agbalẽ me,
ne wòanye ɖaseɖiɖi mavɔ
le ɣeyiɣi si gbɔna la me.
9Elabe dukɔ dzeaglã wonye,
vi siwo daa alakpa,
ɖevi siwo gbe Aƒetɔ ƒe nufiame la wonye.
10Woawoe gblɔna na nukpɔlawo be:
“Migakpɔ nu o,”
eye wogblɔna na Mawu ƒe gbeƒãɖelawo be:
“Migaɖe gbeƒã nu
si le eteƒe la na mí o;
ke boŋ mivivi nu me na mí,
migblɔ ameflunyawo faa.
11Mite ɖa le mɔ la dzi;
mihe ɖa le toƒe la,
migana míase Israel
ƒe Kɔkɔetɔ la ƒe nya aɖeke azɔ o.”
12Eya ta Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔ be:
“Esi miegbe nya sia,
eye mieɖo ŋu ɖe ameteɖeanyi
kple ayedzedze ŋuti
heziɔ ɖe wo ŋu ta la,
13miaƒe vodada sia anɔ na mi
abe gli kɔkɔ fefe si tre azã
be yeamu la ene.
Eƒe mumu ava eme, zi ɖeka kpata.
14Eƒe gbagbã anɔ
abe ale si zemela ƒe ze gbãna gudugudu,
eye ze kakɛ aɖeke masusɔ
wòatsɔ aɖe dzo le mlekpui me
alo aku tsi le vudo mee o la ene.”
15Elabe Aƒetɔ Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la be:
“Miakpɔ xɔxɔ,
ne mietrɔ dzime,
eye mienɔ anyi kpoo.
Miakpɔ ŋusẽ,
ne miezi ɖoɖoe,
eye mieɖo ŋu ɖe ŋunye.”
Ke miegbe.
16Miegblɔ be:
“Kpao, míado sɔwo sesĩe, así adzo.”
Eya ta mianya sí baa.
“Míanɔ sɔ ɖiduwo dzi.”
Ke mia yometilawo aƒu du sesĩe
wu mi.
17Ame akpe ɖeka así
le ame ɖeka pɛ ƒe vɔvɔ̃doname nu, eye miasí
le ame atɔ̃ ƒe vɔvɔ̃doname nu,
va se ɖe esime miasusɔ
abe aflagati le to tame,
abe dzesi le togbɛ dzi ene.
18Eya ta Aƒetɔ le mia si nu kpɔm
be yeave mia nu,
ale wòtso be yeakpɔ nublanui na mi
elabe Aƒetɔ la, Mawu nu dzɔdzɔe wɔla wònye.
Woayra ame siwo katã kpɔa esi nu.
Mawu ayra eƒe dukɔ
19O, Zion-dukɔ, si le Yerusalem, migafa avi azɔ o. Ave mia nu godoo le miaƒe ɣlidodo ta. Ne esee ko la, atɔ na mi. 20Togbɔ be Aƒetɔ la na nuɖuɖu mi le hiã me, eye wòna tsi mi le xaxa me hã la, miaƒe Nufiala magaɣla eɖokui azɔ o; ke boŋ miakpɔ miaƒe Nufiala kple ŋku. 21Ne mietrɔ ɖe ɖusime alo miame la, miaƒe to ase nya sia le mia megbe be: “Mɔ lae nye esi; mito edzi.” 22Miado gu klosalo siwo wofa ɖe miaƒe aklama kpakpɛwo kple sika si le miaƒe legbawo ŋu. Miakaka wo abe ŋunyɔnuwo ene ahagblɔ be: “Midzo!”
23Ana tsi nadza ɖe miaƒe agblemenuku siwo mieƒã la dzi, eye nuɖuɖu si tso anyigba me la, asɔ gbɔ, avivi. Ɣe ma ɣi la, miaƒe lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe gbadzawo. 24Nuɖuɖu si wotsaka kple dze, eye wotsɔ sofi kple gaflo gã blui la, eyae nyitsu kple tedzi siwo ŋlɔa agble la aɖu. 25Gbe si gbe woawu ame fũu, eye mɔ́ kɔkɔwo amu la, tɔʋumetsiwo anɔ tsatsam le to kɔkɔwo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. 26Gawu la, gbe si gbe Aƒetɔ abla eƒe dukɔ ƒe abi si wòxɔ, eye wòada gbe le abi siwo wòde eŋu ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe edzi zigbɔzi adrẽ abe ŋkeke adrẽ ƒe keklẽ woƒo ƒui ene.
Mawu ahe to na Asiria
27Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ŋkɔ
tso didiƒe ʋĩi gbɔna;
eƒe dɔmedzoe le bibim
kple dzudzɔ babla kɔtɔɔ.
Eƒe nuyiwo dzi yɔ fũu kple dziku,
eye eƒe aɖe le abe dzo binu ene.
28Eƒe gbɔgbɔ le abe tɔɖɔɖɔ
si me woase ve le ene,
ne wòasra dukɔwo
kple tsɔtsrɔ̃ ƒe sranu,
eye wòade numega si akplɔ wo trae la
woƒe nu me.
29Miadzi ha abe le ŋkekenyui ɖuɣi ƒe zã me ene. Miaƒe dzi atso aseye abe ame si le zɔzɔm ɖe dzekuku nu yina ɖe Aƒetɔ ƒe to la dzi, Israel ƒe agakpe la gbɔ ene.
30Aƒetɔ ana woase eƒe fiagbe la, eye woakpɔ eƒe alɔ sesẽ si wòɖiɖi ɖe anyi le dɔmedzoe helihelĩ, dzobibi flaflafla, tsidzadza gã kple ahom kpakple tsikpewo me. 31Elabe ne Aƒetɔ ɖe gbe la, dzidzi aƒo Asiriatɔwo. Aƒo wo kple eƒe ameƒoti la. 32Zi geɖe ale si toheti si Aƒetɔ ɖo ɖe eŋu adze edzii la, zi geɖe ma ke asiʋuiwo kple kasaŋkuwo anɔ ɖiɖimee. Aƒetɔ ƒe alɔ anɔ dzi eye wòawɔ aʋa kplii. 33Elabe wodzra dzotɔƒe aɖe ɖi xoxo. Wodzrae ɖo ɖi na fia la. Egoglo, eye wòkeke. Dzo kple nakekɔ li fũu. Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ si le abe aŋɔtɔʋu ene la atɔ dzoe.

Currently Selected:

Yesaya 30: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in