Bible App logo
Search Icon

Yesaya 20

20
Mawu ɖe dzesi fia to eƒe gbeƒãɖela ƒe amamanɔnɔ me
1Ƒè si me Asiria-fia Sargon dɔ Tartan, aʋakplɔlagã la ɖe Asdod-du me wòɖawɔ aʋa kple dua hexɔe la, 2ɣe ma ɣie Aƒetɔ ƒo nu to Yesaya, Amoz vi la dzi. Egblɔ nɛ be: “Yi nàɖe akpanya si nèsa ɖe ali la ɖi, eye nàɖe afɔkpa hã.” Ewɔ ɖe edzi. Enɔ amama, nɔ afɔ ƒuƒlu henɔ yiyim. 3Tete Aƒetɔ gblɔ be: “Ale si nye dɔla Yesaya ɖe ama, nɔ afɔ ƒuƒlu ƒè etɔ̃ sɔŋ la, nye dzesi kple kpɔɖeŋu ɖe Egipte kple Nubia ŋu. 4Nenemae Asiria-fia akplɔ Egipte ƒe aboyomewo kple Nubia ƒe ame siwo wonyà de gbe la adzoe. Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, woanɔ amama, woanɔ afɔ ƒuƒlu, eye naneke maxe kpeteƒe na wo o, wòanye ŋukpe na Egipte. 5Ale woƒe nu aku, eye woatsi yaa, le Nubia si ŋu woɖoa ŋu ɖo kple Egipte si wotsɔna ƒoa adegbee la ta. 6Tete ƒutanɔlawo agblɔ gbe ma gbe be: ‘Mikpɔ nu si va dzɔ ɖe ame siwo ŋu míele ŋu ɖom ɖo kple ame siwo gbɔ míesí va bè ɖo, be woaɖe mí tso Asiria-fia si me dzi la ɖa! Ke míawo ɖe, ale ke míasí le enui?’ ”

Currently Selected:

Yesaya 20: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in