Yesaya 2
2
Ŋutifafa mavɔ
(Mika 4.1-3)
1Nya si Yesaya, Amoz vi la kpɔ ku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu la.
2Ava eme le ŋkeke mamlɛawo me
be to si nye Aƒetɔ ƒe aƒe la
anye kɔkɔtɔ kekeake,
eye wòakɔ wu togbɛwo katã,
eye dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
3Ale dukɔ geɖewo ava gblɔ be:
“Miva, mina míalia Aƒetɔ ƒe to la
ayi Yakob ƒe Mawu la ƒeme,
bene wòafia eƒe mɔwo mí,
eye míazɔ eƒe toƒewo.”
Elabe se la atso Zion,
eye Aƒetɔ ƒe nya atso Yerusalem.
4 #
Yoel 3.10; Mika 4.3. Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome,
eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo.
Woatsɔ woƒe yiwo atu kodzoewoe,
eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe.
Dukɔ magatsɔ yi
ɖe dukɔ ŋu o,
eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ gbeɖe o.
5O, Yakob ƒe ƒome,
miva, mina míazɔ
le Aƒetɔ ƒe kekeli la me!
Aƒetɔ atsi dàda nu
6Ègblẽ wò dukɔ, Yakob ƒe ƒome la ɖi!
Elabe afakala siwo tso ɣedzeƒe la
va xɔ aƒe ɖe eme,
eye wosa dzo abe Filistitɔwo ene.
Gawu la, wodea ha kple amedzrowo.
7Klosalo kple sika yɔ woƒe anyigba dzi fũu,
eye seƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o.
Sɔwo yɔ woƒe anyigba dzi fũu,
eye woƒe tasiaɖamwo manyaxlẽ o.
8Legbawo yɔ woƒe anyigba dzi fũu,
eye wodea ta agu
na woƒe asinudɔwɔwɔwo,
nu siwo woawo ŋutɔ ƒe asibidɛwo wɔ la.
9Ale wobɔbɔ amegbetɔ ɖe anyi,
eye woɖiɖi amegbetɔ ɖe anyi!
Mègatsɔe ke wo o.
10 #
Nyaɖ 6.15; Tes II, 1.9. Yi ɖe kpeto me,
eye nàbè ɖe ʋuʋudedi me
tso Aƒetɔ ƒe ŋɔdzi nu,
tso eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu!
11Woabɔbɔ ŋku gã tolawo ɖe anyi,
eye dàdalawo ayi to
ale be Aƒetɔ koe anye gã gbe ma gbe.
12Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖo ŋkeke
ɖe dàdalawo, ame siwo kɔ wo ɖokui ɖe dzi
kple nu siwo katã kɔa ta dzi la ŋu,
ne woabɔbɔ wo ɖe anyi.
13Eɖoe ɖe Lebanon-sederti kɔkɔ,
dama siwo ƒo atiwo katã ta
kple Basan-logotiwo katã ŋu.
14Eɖoe ɖe to kɔkɔwo katã
kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu.
15Eɖoe ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo
kple gli sesẽ ɖe sia ɖe ŋu.
16Eɖoe ɖe Tarsis-tɔdziʋuwo katã
kple aɖaŋudɔwɔwɔ siwo katã nyakpɔna la ŋu.
17Woabɔbɔ amegbetɔ ƒe adegbeƒoƒo
ɖe anyi,
eye woate amegbetɔwo ƒe dàda ɖe to.
Aƒetɔ ɖeka ko anye gã gbe ma gbe.
18Ke legbawo nu ayi keŋkeŋ.
19Ne Aƒetɔ tso
be yeado ŋɔdzi na anyigba la,
amewo abè ɖe kpetowo kple dowo me
be yewoasí le eƒe dɔmedzoe
kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu.
20Gbe ma gbe la, amegbetɔwo atsɔ
woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wowɔ
be yewoade ta agu na la
aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
21Ne Aƒetɔ tso
be yeado ŋɔdzi na anyigba la,
amewo abè ɖe kpetowo kple agadowo me
be yewoasí le eƒe ŋɔdzi
kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu.
22Eya ta migaɖo dzi ɖe amegbetɔ
si nye nu kuku la ŋu o.
Asixɔxɔ kae le eŋu?
Currently Selected:
Yesaya 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.