Bible App logo
Search Icon

Yesaya 19

19
Mawu ahe to na Egipte
1 # Yer 46.2-26; Xez 29.1—32.32. Gbedeasi ɖe Egipte ŋu.
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ do alilikpo
si le du dzi sesĩe la gbɔna ɖe Egipte.
Egipte-legbawo adzo nyànyanya
le eŋkume,
eye dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo.
2Mana avu nadzɔ
ɖe Egiptetɔ kple Egiptetɔ dome.
Nɔvi kple nɔvi,
havi kple havi,
du kple du,
fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe awɔ aʋa.
3Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo keŋkeŋ,
eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.
Woabia nu legbawo, dzotɔwo,
ŋɔliyɔlawo kple afakalawo.
4Matsɔ Egipte ade asi
na aƒetɔ sesẽ aɖe,
eye fia ŋutasẽla aɖe aɖu wo dzi.
Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
5Tsi amie le Nil-tɔsisi me,
eye tɔsisi la amie, aƒu kplakplakpla.
6Eƒe tsimɔɖeɖewo aʋẽ kũu;
Nil-tɔsisi le Egipte ƒe alɔdzewo nu atso, amie,
eye ava kple keti ayrɔ.
7Gbe avɔ le Nil to,
gbe avɔ le eƒe azizãnu.
Nuku siwo katã wodo
ɖe Nil to la afiã;
ya alɔ wo ɖe nu,
eye woavɔ ɖa.
8Tɔƒodelawo axa nu,
ame siwo doa ď le Nil me la afa konyi,
eye ame siwo kplɔa ɖɔ
le tɔwo me la,
nu ate wo ŋu.
9Ŋukpe alé ame siwo trea anazi
kple ame siwo lɔ̃a aklala la,
eye woabu mɔkpɔkpɔ.
10Woagbã ame siwo nye dukɔa ƒe sɔtiwo la,
eye apaɖilawo katã axa nu.
11Zoan-megãwo nye bometsilawo sɔŋ;
Egipte Fiagã ƒe adaŋudela nyanuawo
gblɔa tagbɔkukunya.
Ale ke miate ŋu agblɔ
na Egipte Fiagã be:
“Nunyalawo ƒe vie menye,
blemafiawo ƒe dzidzimevie menye” mahã?
12Ke egbe ɖe,
afi ka wò nunyalawo le?
Na ne woagblɔ nu
si Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖo
ɖe Egipte ŋu la na wò.
13Zoan-megãwo zu bometsilawo,
Memfis-megãwo flu wo ɖokui.#19.13: MEMFIS: Wogayɔnɛ be Nof. Enye du le Nil-tɔsisi to.
Wo, ame siwo nye woƒe towo
ƒe dzogoedzikpe la kplɔ Egipte trae.
14Aƒetɔ na gbɔgbɔ aɖe tɔtɔ wo,
eye wòna Egipte le ya mum
le eƒe nuwɔwɔwo katã me,
abe ahamulae tru kɔ ɖi
le eme zɔm ene.
15Ale nuwɔwɔ aɖeke mele Egipte
si ta kple asikɛ,
deʋaya kple keti,
nayi wɔwɔ ge o.
Egipte-dukɔ asubɔ Aƒetɔ
16Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene. Ne wokpɔ Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, wòkɔ asi dzi ɖe wo ŋu la, vɔvɔ̃ aɖo wo, woadzo nyànyanya. 17Yuda-nyigba la azu ŋɔdzi na Egiptetɔwo. Ne woyɔ Yuda ŋkɔ le Egiptetɔ aɖe gbɔ la, vɔvɔ̃ aɖoe, wòadzo nyànyanya le nugbe si Aƒetɔ ɖo ɖe eŋu la ta.
18Ɣe ma ɣi la, du atɔ̃ agblɔ Kanaan-gbe le Egipte-nyigba dzi. Du siawo aka atam na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Ɣedu.
19Ɣe ma ɣi la, vɔsamlekpui anɔ Egipte-nyigba titina na Aƒetɔ, eye sɔti anɔ eƒe liƒo dzi na Aƒetɔ. 20Nu sia anye dzesi kple ɖaseɖiɖi na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le Egipte-nyigba dzi. Ne ameteɖeanyilawo te wo ɖi, eye wodo ɣli yɔ Aƒetɔ la, aɖo xɔnametɔ ɖe wo be wòaʋli wo ta ahaɖe wo. 21Aƒetɔ aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, eye Egiptetɔwo adze si Aƒetɔ ɣe ma ɣi. Woatsɔ akpedadavɔsa kple numemevɔsa asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Aƒetɔ, eye woawɔ edzi. 22Aƒetɔ ahe to na Egiptetɔwo, ke ana woagahaya. Woatrɔ ɖe eŋu, eye wòaɖo to woƒe gbedodoɖa ayɔ dɔ wo.
23Ɣe ma ɣi la, mɔ tata anɔ Egipte kple Asiria dome. Dukɔ eve siawo me tɔwo ayi wo nɔewo gbɔ, eye woawɔ ɖeka asubɔ Aƒetɔ ɖekae.
24Ɣe ma ɣi la, Israel anye dukɔ etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, eye woanye yayra anɔ anyigba blibo la titina. 25Wonye dukɔ siwo Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la yra gblɔ be: “Meyra wò, nye dukɔ Egipte kple wò Asiria si mewɔ kpakple wò Israel, si nye nye domenyinu.”

Currently Selected:

Yesaya 19: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in