Yesaya 16
16
Wɔna vɔ le Moab-nyigba ŋu
1Woɖo alẽvi
ɖe anyigba la dziɖula tso Sela,
to kegbegbe la ɖe Zion vinyɔnu
ƒe to la gbɔ.
2Moab-nyɔnuviwo anɔ abe xevi
si wonyà le atɔ me wòsí la ene
le Arnon ƒe tɔtsoƒe.
3“De adaŋu, drɔ̃ ʋɔnu,
eye na wò vɔvɔli nanɔ abe zã ene
le ŋdɔkutsu dzatsɛ.
Ɣla ame siwo wonyà de gbe,
eye mègaɖe sisílawo gɔme ɖe go o.
4Na Moab ƒe ame siwo wonyà de gbe la
nanɔ gbɔwò.
Nànye sitsoƒe na wo
tso nugblẽla la si me;
va se ɖe esime ŋutasesẽ nu natso,
tsɔtsrɔ̃ nawu enu,
eye amefanyala nate ɖa le anyigba la dzi.
5Ekema woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpui aɖe,
eye ʋɔnudrɔ̃la aɖe anɔ edzi
le David ƒe ƒome la me tegbee.
Anye ame si dia nya dzɔdzɔe yome,
eye wòʋãna ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu.”
6Míese Moab ƒe dàda
ale si wòle asi tɔm akɔ vevie;
eɖokui dzadzra, dàda, amemabumabu
kple adegbeƒoƒo nye alakpa.
7Eya ta Moab nefa na eɖokui;
ame sia ame nefa na Moab.
Mifa konyi ɖe Kir-Xareset
ƒe waintsetsebolo ŋu
abe ame siwo ŋu ƒoƒo te la ene.
8Elabe Xesbon-gblewo yrɔ;
Sibma ƒe wainka hã nenema.
Dukɔwo ƒe amegãwo fanya
eƒe kutsetse nyuitɔ ƒe alɔ
siwo de keke Yazer ke,
eye wobu ɖe gbegbe.
Eƒe alɔwo vu gbɔ atsiaƒu ta!
9Eya ta mafa avi,
abe ale si Yazer le avi fam
ɖe Sibma ƒe wainka ŋu la ene.
Xesbon kple Eleale, mafa aɖatsi
ɖe mia dzi,
elabe aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi
kple nuŋeɣi dzi.
10Dzidzɔkpɔkpɔ kple vivisese nu tso
le abɔ wɔnukuwo me,
eye womegale aseye tsom,
le dzidzɔ kpɔm le waingblewo me o.
Womegafiãa wain le wainfiãnu me o;
wotsi dzidzɔɣlidodoa nu.
11Eya ta nye luʋɔ#16.11: LUƲƆ: Gɔmeɖeɖe aɖewo be dɔmenuwo. le gbe ɖem
abe kasaŋku ene ɖe Moab ŋu,
eye nye dzi le konyi fam
ɖe Kir-Xeres ŋu.
12Ava eme be, ne Moab va do, esime wòtso hloloe le nuxeƒea vɔ, eye wòva kɔkɔeƒe la be yeado gbe ɖa la, mate ŋui o.
13Esia nye nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe Moab ŋu va yi. 14Ke azɔ la, Aƒetɔ be: “Le ƒe etɔ̃ me tututu, abe ƒedɔwɔla ƒe ƒè ene la, Moab ƒe ŋusẽ ava anyi, togbɔ be eƒe amewo sɔ gbɔ ŋutɔ hã. Ame siwo susɔ la anɔ ʋɛ, eye woanye ame gblɔewo.”
Currently Selected:
Yesaya 16: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.