Yesaya 13
13
Mawu ahe to na Babilon
1 #
Yes 47.1-15; Yer 50.1—51.64. Nya sia nye Mawu ƒe gbedeasi na Yesaya, Amoz vi la. Eku ɖe Babilonia ŋu.
2Mitu aflaga
ɖe to ƒeƒle la tame!
Mido ɣli yɔ aʋawɔlawo.
Miwɔ asi na wo ne woage
ɖe bubumewo ƒe agbowo me.
3Nye ŋutɔe ɖe gbe na nye ame kɔkɔeawo.
Meyɔ nye aʋakalẽawo
kple nye adegbeƒolawo
bene woaɖe nye dɔmedzoe afia.
4Miƒu to anyi ne miase zinyenye ɖa
le toawo dzi!
Ele ɖiɖim abe ameha gã aɖe tɔ ene.
Miɖo to miasee ɖa!
Fiaɖuƒewo kple dukɔ
siwo le ta kpem la
ƒe hoowɔwɔe le ɖiɖim.
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae le aʋakɔwo
nu ƒom ƒu be woawɔ aʋa.
5Wotso didiƒe ʋĩi,
tso keke dziƒowo ƒe mlɔenu ke.
Aƒetɔ tsɔ eƒe aʋawɔnuwo gbɔnae
kple dziku
be yeatsrɔ̃ anyigba blibo la.
6 #
Yoel 1.15. Mifa avi
elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Gbe ma gbe anye
Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nugblẽgbe.
7Esia ta asiwo katã ado agblɔ;
dzi aɖe le ame sia ame ƒo.
8Vɔvɔ̃ aɖo wo.
Woase veve kutɔkutɔe,
ado lagbelãgbe
abe nyɔnu si le ku lém la ene.
Woafɔ ŋku ɖe wo nɔewo dzi gã,
eye woƒe mo aʋu dzo.
9Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna;
ŋutasesẽ, dziku kple dɔmedzoe
helihelĩ ŋkeke ye.
Anyigba azu gbegbe,
eye Aƒetɔ atsrɔ̃ edzi nuvɔ̃wɔlawo.
10 #
Xez 32.7; Mat 24.29; Mar 13.24, 25; Luk 21.25; Nyaɖ 6.12, 13; 8.12. Elabe ɣletiviwo kple dziŋgɔli ŋu nukeklẽwo
magaklẽ o.
Ne ɣe dze la, ado viviti,
eye ɣleti magaɖi o.
11Mahe to na xexea me
ɖe eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta,
eye mahe to na ame vɔ̃ɖiwo
le woƒe nuvɔ̃wo ta.
Mana dàdalawo ƒe dàda nu natso,
eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.
12Mana amegbetɔ nave
abe sika nyuitɔ ene;
amegbetɔ nave abe Ofir-sika ene.
13Eya ta gbe si gbe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la
aɖe eƒe dɔmedzoe kple dziku dziŋɔ afia la,
ana dziƒowo nadzo kpèkpekpe,
eye anyigba aʋuʋu le eƒe agunu.
14Ava eme be amewo nakaka, anɔ du dzi,
abe sãdee adelawo yɔ ɖe nu ene,
alo abe alẽha si kplɔla
meli na o la ene.
Ame sia ame atu ta eƒe dukɔ gbɔ;
ame sia ame así ayi
eƒe anyigba dzi.
15Ame si woakpɔ la,
woatɔ nui;
ame si dzi asi asu la,
atsi yi nu.
16Woaxlã wo viwo ɖe nu
le woawo ŋutɔ ŋkume.
Woaha woƒe aƒewo,
eye woazi wo srɔ̃wo dzi adɔ kpli wo.
17Kpɔ ɖa, made dzo Mediatɔwo me ne woatso
ɖe wo ŋu.
Woawo la, womebua klosalo
ɖe naneke me o;
sika gɔ̃ hã mebiãa ŋu na wo o.
18Woƒe dawo aƒo ɖekakpuiwo
aƒu anyi.
Womakpɔ nublanui na fu nɔdɔmee o,
eye ɖeviwo ƒe nu mawɔ
nublanui na wo o.
19 #
Mos I, 19.24. Babilonia-fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe vevi;
woɖo atsyɔ̃ nɛ ale gbegbe,
eye Kaldeatɔwo tsɔnɛ ƒoa adegbee.
Ke anɔ nɛ abe gbe si gbe
Aƒetɔ mu Sodom kple Gomora
ƒu anyi la ene.
20Ame maganɔ afi ma, atso aƒe ɖi o,
tso dzidzime yi dzidzime.
Arabiatɔ#13.20: ARABIATƆ: Esia nye asitsala tsatsala. aɖeke matu eƒe agbadɔ ɖi o,
eye alẽkplɔlawo makplɔ woƒe lãwo
ayi afi ma woatsyɔ akɔ ɖi o.
21 #
Yes 34.14; Zef 2.14; Nyaɖ 18.2. Ke boŋ gbemelãwo atsyɔ akɔ ɖe teƒea,
eye adzexewo ayɔ woƒe xɔwo me.
Tsatsaboliwo awɔ atɔ ɖi,
eye azizãwo afe le afi ma.
22Agbotoewo axlɔ̃ le woƒe mɔ́wo me,
eye akpatakuwo aɖe gbe
le woƒe fiasã nyakpɔwo me.
Babilonia ƒe ɣeyiɣi gogo,
eye eƒe ŋkeke la mahe ɖe megbe o.
Currently Selected:
Yesaya 13: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.