Bible App logo
Search Icon

Hosea 5

5
1Nunɔlawo, mise nya sia!
Israel ƒe aƒe, zi ɖoɖoe!
Fiaƒemetɔwo, miƒu to anyi miasee!
Elabe miawoe wole ʋɔnua drɔ̃ gee.
Miezu mɔ̀ le Mizpa
kple ɖɔ si woɖo ɖe Tabor-to dzi,
2eye miaƒe aglãdzelawo ƒe nuvɔ̃wo do fievo,
ke mahe to na mi katã.
3Menya ale si Efrayim le,
eye Israel mele ɣaɣla ɖem o.
Efrayim, èwɔ ahasi;
Israel, ègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò.
Hosea tsi tre ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋuti
4Woƒe nuwɔnawo xe mɔ na wo,
ale be womagatrɔ ayi woƒe Mawu la gbɔ o.
Elabe ahasiwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ le wo me
eye womedze si Aƒetɔ o.
5Israel ƒe dàda le ɖase ɖim le eƒe mo.
Efrayim akli nu adze anyi,
ɖe eƒe fɔɖiɖi me;
eye Yuda hã akli nu akpe ɖe wo ŋu.
6Woatsɔ alẽwo kple nyiwo
aɖadi Aƒetɔ,
ke womakpɔe o,
elabe ete ɖa le wo gbɔ.
7Womewɔ nuteƒe na Aƒetɔ o,
eye wodzi gbɔmeviwo.
Azɔ dzinu yeye avuvu woawo
kple woƒe anyigba la siaa.
Aʋa dzɔ ɖe Yuda kple Israel dome
8Miku lãdzo le Gibea!
Kpẽ neɖi le Rama!
Miƒu asi nu le Betel!
Benyamin, dzo nyànyanya!
9Efrayim azu gbegbe
le tohegbe;
meɖe gbeƒã nu si
le eme va ge godoo le Israel-toawo dome.
10Yuda-megãwo zu
abe ame siwo ŋea liƒo ɖe me ene;
woawo dzie matrɔ nye dɔmedzoe
akɔ ɖo abe tsi ene.
11Wote Efrayim ɖe anyi,
eye wohe to nɛ, bɔbɔe ɖe anyi
elabe eɖoe kplikpaa dze nu maɖinuwo yome.
12Eya ta mele abe agbagblaʋui ene, na Efrayim,
eye mele abe ŋɔ si ɖua nu ene na Yuda ƒe aƒe la.
13Esi Efrayim kpɔ be yedze dɔ,
eye Yuda kpɔ abi si le eya ŋutɔ ŋu la,
Efrayim yi Asiria,
eye wòdɔ ame ɖe fia gã la.
Ke mete ŋu da gbe le ŋuwò
alo yɔ dɔ wò abi la o.
14Elabe manɔ abe dzata ene na Efrayim,
abe dzata ɖekakpui ene na Yuda ƒe aƒe la.
Nye, nye gɔ̃ hã,
avuvu nu ahadzo;
makɔe adzoe,
eye ame aɖeke mate ŋu axɔe o.
15Matrɔ ayi nye nɔƒe
va se ɖe esime wodze sii
be yewoɖi fɔ,
eye wodi nye ŋkume,
eye le woƒe xaxa me la,
wodim gblɔ b

Currently Selected:

Hosea 5: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in