Hosea 4
4
Nya si Aƒetɔ tsɔ ɖe Israel ŋu
1Israel-dukɔ, mise Aƒetɔ ƒe nya,
elabe Aƒetɔ tsɔ nya ɖe ame siwo le anyigba la dzi la ŋu.
Nuteƒewɔwɔ alo dɔmenyowɔwɔ kple sidzedze Mawu
megale anyigba la dzi o.
2Wokaa atam dzodzro,
daa alakpa, wua ame, fia fi,
eye wowɔa ahasi.
Wowɔa nu gbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi faa,
eye wole amewuwu dzi ɣe sia ɣi.
3Eya ta anyigba le konyi fam,
eye nu siwo katã le edzi le veve sem;
wokplɔ gbemelãwo kple dziƒoxewo,
kpakple ƒumelãwo kekeake hã dzoe.
Aƒetɔ tsɔ nya ɖe nunɔlawo ŋu
4Migana ame aɖeke nahe nya kple ame aɖe
alo aka mo nɛ o,
elabe mi nunɔlawo#4.4: Woŋlɔ ɖe mawunyagbalẽ aɖewo me be: … Mi nunɔlawo ŋue metsɔ nya ɖo. Ke woŋlɔ ɖe Hebri Biblia me be: … Wò dukɔ la le abe ame siwo nɔa dzre wɔm kple nunɔlawo ene.
ŋue metsɔ nya ɖo.
5Àkli nu le ŋkeke me,
eye nye gbeƒãɖelawo hã akli nu akpe ɖe ŋuwò le zã me,
eye matsrɔ̃ mia nɔ.
6Wotsrɔ̃ nye dukɔ elabe sidzedze mele esi o.
Esi nègbe nu le sidzedze gbɔ ta la,
nye hã megbe be màganye nunɔla nam o.
Esi mieŋlɔ mia Mawu ƒe se la be ta la,
nye hã maŋlɔ mia viwo be.
7Ale si wole agbɔ sɔm ɖe edzii la,
nenemae woƒe vɔ̃wɔwɔ ɖe ŋunye
le agbɔ sɔm ɖe edzii.
Eya ta matrɔ bubu si le wo ŋu la
wòazu ŋukpe.
8Nye dukɔ ƒe nuvɔ̃ zu nuɖuɖu na wo;
dɔ le wo wum vevie,
ɖe woƒe vodada ŋu.
9Ava eme na dukɔ la
abe nunɔla ene.
Mahe to na wo ɖe woƒe mɔwo ta,
eye maɖo woƒe nuwɔnawo teƒe na wo.
10Woaɖu nu,
ke maɖi na wo o;
woawɔ gbolo,
ke womadzi ɖe edzi o;
elabe wogblẽ Aƒetɔ ɖi,
hele dzidzɔ kpɔm le gbolowɔwɔ ŋu.
Aƒetɔ tsri trɔ̃subɔsubɔ
11Wain kple wain yeye
kplɔa nugɔmesese dzonae.
12Nye dukɔ le gbe biam nu si wotsɔ ati wɔe la.
Atizɔtie gblɔa nya na wo!
Elabe gbolowɔgbɔgbɔ kplɔ wo trae,
eye wodzo le woƒe Mawu gbɔ
be yewoaɖawɔ gbolo.
13Wosaa vɔ le towo tame,
eye wowɔa nunanawo le togbɛwo dzi
le fɔfɔlĩwo, sesewuwo kple logotiwo te,
elabe woƒe vɔvɔli nyo.
Le esia ta mia vinyɔnuviwo zu gbolowo,
eye miaƒe ŋugbetɔwo le ahasi wɔm.
14Nyemahe to na mia vinyɔnuviwo,
ne wowɔ gbɔlo o,
alo miaƒe ŋugbetɔwo,
ne wowɔ ahasi o,
elabe ŋutsuawo ŋutɔ zɔna kple gbɔlowo le adzame
eye wosaa vɔ kple mawu ƒeme gbolowo,
ale dukɔ masenugɔme atsrɔ̃.
15O Israel, togbɔ be nèle gbɔlo wɔm hã la,
mègana Yuda naɖi fɔ o.
Migage ɖe Gilgal loo,
alo miayi Bet-Aven o,
eye migatà nu be,
“Esi Aƒetɔ le agbe la” o.
16Abe nyinɔ dzeaglã ene la,
Israel dze aglã.
Ɖe Aƒetɔ ate ŋu anyi wo azɔ
abe alẽvi ene le gbeɖuƒe gbadzaa?
17Efrayim dze xɔlɔ̃ legbawo.
Mina wòawɔ nu si dze eŋu.
18Wonoa wain geɖe,
eye wowɔa ahasi.
Ŋukpenanuwɔwɔ doa dzidzɔ na wo.
19Yaƒoƒo bla wo ɖe eƒe aʋalawo me,
eye ŋukpe alé wo le woƒe vɔsamlekpuiwo ta.
Currently Selected:
Hosea 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.