Hosea 12
12
1Nu sia nu si Israelviwo wɔna
tso ŋdi va se ɖe fiẽ la nye nu dzodzro.
Alakpanuwɔwɔ kple ŋutasesẽ le dzidzim ɖe edzi
le wo dome gbe sia gbe.
Wowɔ ŋutifafa kple Asiria,
eye wotsaa amisi kple Egipte.
2Aƒetɔ le nya he ge kple Yuda,
eye wòahe to na Israel
le nu si wɔm eƒe amewo le la ta.
Aɖo eƒe nuwɔnawo teƒe nɛ.
3 #
Mos I, 25.26. #
Mos I, 32.24-26. Elé nɔvia ƒe afɔkpodzi
le dɔ me.
Esi wòɖo ŋutsume la,
ete kame kple Mawu.
4 #
Mos I, 28.10-22. Ete kame kple mawudɔla,
eye wòɖu edzi.
Efa avi,
eye wòɖe kuku na mawudɔla la be neve ye nu.
Edo go Mawu le Betel,
eye Mawu ƒo nu kplii le afi ma.
5Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la,
Aƒetɔ nye eŋkɔ:
6“Eya ta azɔ la, wò la,
le wò Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, trɔ;
lé lɔlɔ̃ kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me ɖe asi,
eye nàlala anɔ wò Mawu lalam.”
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Israel dziyiyi
7Asitsala, si ƒe asi me amebanudanu le la,
lɔ̃a ametete ɖe anyi.
8Efrayim gblɔ be:
“Ẽ, mekpɔ hotsui ŋutɔ!
Kesinɔnu geɖe su nye ŋutɔ asinye.”
Ke eƒe hotsui gbogbo la mate ŋu atrɔ
fɔ si wòɖi la o.
9 #
Mos III, 23.42, 43. Nyee nye Aƒetɔ, wò Mawu la
tso Egipte- nyigba dzi ke;
magana nànɔ agbadɔwo me
abe le ŋkekenyui ɖuɣi ene.
10Meƒo nu kple gbeƒãɖelawo,
nyee dzi ŋutegawo ɖe edzi,
eye medo lowo to gbeƒãɖelawo dzi.
11Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le Gilead la,
woavɔ ɖa kokoko;
nenye be le Gilgal wotsɔa nyitsuwo saa vɔ la,
woƒe vɔsamlekpuiwo hã anɔ
abe kpe siwo woli kɔe ɖe bo dzi le agble me ene.
12 #
Mos I, 29.1-20. (Yakob sí yi Aram,
afi si Israel subɔ le srɔ̃ ta le,
eye srɔ̃ tae wòkplɔ alẽ ɖo.)
13 #
Mos II, 12.50, 51. To gbeƒãɖela aɖe dzi
Aƒetɔ kplɔ Israel tso Egipte,
eye wòkpɔ eta to gbeƒãɖela aɖe dzi.
14Israel do dziku nɛ vevie,
ale Aƒetɔ ana eƒe hlɔ̃dodo nanɔ eyama dzi,
eye wòaɖo eƒe vlodoame teƒe nɛ.
Currently Selected:
Hosea 12: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.