Bible App logo
Search Icon

Hosea 10

10
1Israel nye wainka ʋaʋã si tse fũu.
Ne eƒe kutsetse dzi ɖe edzi la,
ekema eɖia vɔsamlekpuiwo hã fũu.
Ne eƒe anyigba ʋã nu la,
eme legba nyakpɔwo ɖe eŋu.
2Woƒe dzi metoa nyateƒe o.
Azɔ la, ele be woatsɔ woƒe fɔɖiɖi ƒe agba.
Aƒetɔ agbã woƒe vɔsamlekpuiawo,
eye wòatsrɔ̃ woƒe legbawo.
3Elabe azɔ la, wòagblɔ be:
“Fia aɖeke mele mía si o,
elabe míevɔ̃a Aƒetɔ o.
Evɔ ɖe fia, nu ka wòate ŋu awɔ na mí?”
4Wogblɔa yakanyawo,
woblaa nu kple wo nɔewo
hekaa atam dzodzro ƒua edzi.
Ale ʋɔnudɔdzɔ̃ amie
abe aɖigbe le bo dzi le agble me ene.
5Samarianɔlawo adzo nyànyanya,
na Bet-Aven nyivi la.
Eƒe amewo afa konyi nɛ,
eye eƒe trɔ̃nuawo afa avi ɖe eŋuti;
afa eƒe ŋutikɔkɔe si dzo
le edzi la.
6Ẽ, woakɔ nua ŋutɔ ayi Asiria
abe adzɔ ene na fia gã la.
Woado ŋukpe Efrayim,
eye ŋukpe alé Israel le eƒe legba ta.
7Samaria-fia atsrɔ̃
abe ati fefee le tɔ ŋgɔ ene.
8 # Luk 23.30; Nyaɖ 6.16. Nuxeƒe siwo le Aven,
si nye Israelviwo ƒe nuvɔ̃ la, woatsrɔ̃e.
Ŋuwo kple aŋɔkawo awɔ ɖe woƒe vɔsamlekpuiwo dzi,
eye woagblɔ na towo be:
“Mitsyɔ mía dzi!”
na togbɛwo be:
“Mimu dze mía dzi!”
Aƒetɔ gblɔ tohehe si wòana Israel
9 # Ɖel 19.1-30. Israel, tso Gibea ŋɔli ke miewɔ nuvɔ̃;
afi mae woyi ewɔwɔ dzi tsoe.
Ɖe aʋa matu wo le Gibea oa?
10Mava ɖe dukɔ gbegblẽ ŋu,
eye woaƒo dukɔwo nu ƒu ɖe wo ŋu,
eye woahe to na wo
ɖe woƒe vodada eveawo ta.
11Efrayim nye nyivi mamla
si lugudugudu dzɔa dzi na,
eye nyemeɖe fu na eƒe kɔ nyui la o;
ke azɔ la, made kɔkuti na Efrayim.
Ele be Yuda naŋlɔ nu
eye ele be Israel nadzoboe na eɖokui.
12 # Yer 4.3. Miƒã nu dzɔdzɔe wɔwɔ na mia ɖokui,
miŋe lɔlɔ̃ si anɔ anyi ɖaa,
mide agble yeye.
Elabe ɣeyiɣi de be miadi Aƒetɔ,
be wòana agbexɔxɔ nadza ɖe mia dzi abe tsi ene.
13Mieƒã nuvɔ̃ɖi wɔwɔ,
ŋe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ tso eme,
eye mieɖu alakpadada si nye eƒe kutsetse.
Esi nèɖo ŋu ɖe wò tasiaɖamwo
kple aʋawɔla gbogboawo ŋu ta la,
14aʋaɣli aɖi le wò dukɔ la dome
eye woagbã wò mɔ́wo katã,
abe ale si Salman gbã Bet-Arbel
le aʋawɔgbe ene;
woxlã vi nɔwo kple wo viwo ɖe nu wokaka.
15Israel ƒe aƒe, alea wole wɔ wò gee,
le wò nuvɔ̃ɖi wɔwɔ vivivo la ta.
Le ahom la me la,
woawu Israel-fia ya keŋkeŋ.
eŋ.

Currently Selected:

Hosea 10: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in