Bible App logo
Search Icon

Hosea 1

1
1 # Fia II, 15.1-7; Kron II, 26.1-23; Fia II, 15.32-38; Kron II, 27.1-8; Fia II, 16.1-20; Kron II, 28.1-27; Fia II, 18.1—20.21; Kron II, 29.1—32.33; Fia II, 14.23-29. Gbedeasi sia nye nya si Aƒetɔ gblɔ na Hosea, Beer vi, be wòayi aɖagblɔ esime Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya nye fiawo le Yuda, eye Yerobeam, Yoas vi, nye fia le Israel.
Hosea srɔ̃ kple viawo
2Esime Aƒetɔ ƒo nu to Hosea dzi zi gbãtɔ na Israel la, egblɔ na Hosea be: “Yi nàɖe gbolo ne wòadzi ahasiviwo na wò. Elabe dukɔ la mewɔ nuteƒe nam o, eye wotrɔ le Aƒetɔ yome.” 3Ale Hosea yi ɖaɖe srɔ̃. Eŋkɔe nye Gomer, Diblayim vinyɔnu. Edzi ŋutsuvi nɛ.
4 # Fia II, 10.11. Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be ‘Yezreel’, elabe eteƒe madidi o mahe to na Israel-fia le ame siwo wo tɔgbui Yehu wu le Yezreel#1.4: YEZREEL: Yehu wu Israel-fia le du sia me hekpe ɖe ame siwo katã susɔ ɖe fiaƒomea me la ŋu, eye eya va zu fia gbãtɔ na fiaɖuƒome yeye (Fia II, 9.10). la ta. Mana Israel-fiaɖuƒe la agbã. 5Ɣe ma ɣi me la, maxɔ aʋawɔŋusẽ le Israel-dukɔ si le Yezreel-bali me.”
6Gomer gafɔ fu, eye wòdzi nyɔnuvi. Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be: ‘Amemakpɔnublanuina’ elabe nyemagakpɔ nublanui na Israel alo atsɔ nu akee azɔ kura o. 7Ke makpɔ nublanui na Yudatɔwo ya. Nye Aƒetɔ, woƒe Mawu la, maxɔ na wo gake manye to aʋawɔwɔ me ale be matsɔ da kple dati, yi, sɔ kple sɔdolawo axɔ na woe o.”
8Esi Gomer tso no na Amemakpɔnublanuina la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. 9Aƒetɔ gblɔ na Hosea be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be ‘Amemanyenyedukɔe’ elabe mienye nye dukɔ o, eye nye hã nyemenye miaƒe Mawu o.”
Mawu agaxɔ na Israel
10 # Rom 9.26. #1.10: Ta 2.1 dze egɔme tso afii le Hebri Biblia me. Israel-dukɔmetɔwo ava sɔ gbɔ fũu abe ƒutake ene; womate ŋu adzidze wo alo axlẽ wo o. Ke afi si wogblɔ na wo le be: “Mienye nye dukɔ o” la, woagblɔ na wo be: “Mawu gbagbe la viŋutsuwo.” 11Woaƒo ƒu Yuda-dukɔ kple Israel-dukɔ eye woatia tatɔ ɖeka na wo ɖokui. Woaho adzo le anyigba la dzi, elabe Yezreel ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe.

Currently Selected:

Hosea 1: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in