Xabakuk KPƆKPLƆYIÐEME
KPƆKPLƆYIÐEME
Xabakuk dze gbeƒãɖeɖe gɔme tso ƒe 700 lia ƒe nuwuwu lɔƒo do ŋgɔ na Kristo esime Babiloniatɔwo nɔ dzi ɖum. Ŋutasẽla siawo ƒe agbe vlo nɔnɔ ɖe fu nɛ ŋutɔ, eye wòbia Aƒetɔ be: “Nu ka ta nàzi kpi esime ame vɔ̃ɖi le ame si le dzɔdzɔe wui la tsrɔ̃m?” (1.13). Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be ɣeyiɣi si yele tsotso ge atu nu kpli wo la le ye si; ke fifia la, “ame dzɔdzɔe anɔ agbe to eƒe xɔse.” (2.4)
Agbalẽa ƒe akpa mamlɛa nye gbeƒãɖeɖe dzɔgbevɔ̃e si ava dzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔlawo dzi la. Ewu enu kple hakpanya aɖe si kafu Mawu ƒe gãnyenye, eye wòɖe hakpala la ƒe xɔse si nu matsi o la fia.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Xabakuk ƒe biabia kple Aƒetɔ ƒe ŋuɖoɖo 1.1—2.4
Fiƒoƒo de nu madzɔmadzɔ wɔlawo 2.5-20
Xabakuk ƒe gbedodoɖa 3.1-19
Currently Selected:
Xabakuk KPƆKPLƆYIÐEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.