Xabakuk 2
2
Aƒetɔ ɖo Xabakuk ƒe nya la ŋu nɛ
1Mayi aɖatsi tsitre ɖe xɔta,
alala ase nya si Aƒetɔ agblɔ nam
be magblɔ,
eye mase nye biabia la ƒe ŋuɖoɖo.
2Aƒetɔ ɖo eŋu nam be:
“Ŋlɔ nu si meɖe fia wò la ɖi
ɖe nuŋlɔkpe dzi
be wòanya xlẽ bɔbɔe kaba.
3 #
Heb 10.37. Ŋlɔe ɖi ko, elabe ɣeyiɣi
si wòava eme la meɖo haɖe o.
Ke ɣeyiɣia de vɔ, menye beblee o.
Evɔ ne etsi megbe la, kpɔ esi nu,
elabe ele me va ge godoo; mahe ɖe megbe o.
4 #
Rom 1.17; Gal 3.11; Heb 10.38. Gbedeasi lae nye be:
Dàdala mewɔa nu dzɔdzɔe o;
ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe
to eƒe xɔse me.
Baba na nu madzɔmadzɔ wɔlawo
5Wain ɖe wòblea ame.
Dàdala manɔ te o.
Eƒe ve me keke abe tsiẽƒe ene.
Esɔ kple ku; meɖia ƒo o.
Eha dukɔwo katã na eɖokui,
eye wòli kɔ anyigbadzitɔwo katã
ɖe eɖokui gbɔ.”
6Ðe ame siwo katã dzi wòɖu la mado hamelo, asi ahama le eŋuti oa? Ðe womagblɔ be:
“Ame si ƒo nu geɖe
si menye etɔ o la nu ƒu ɖi la, baba nɛ oa?
Ne ame aɖe zi eƒe fetɔwo dzi
wotsɔ nuwo ɖo awɔba nɛ,
wòli kɔ nuawo ɖi fũu la,
ɣe ka ɣie nuawo anɔ anyi ase ɖo?”
7Ðe wò fetɔwo mado ɖe dziwò
esime nèɖe ŋu ɖi oa?
Ðe womaʋuʋu wò nànyɔ adzo nyànyanya oa?
Woaha wò adzoe.
8Esi nèha dukɔ geɖewo ta la,
ame siwo katã susɔ le dukɔwo me la aha wò.
Elabe èkɔ amewo ƒe ʋu ɖi,
eye nèsẽ ŋuta le anyigba kple duwo
kpakple wo me nɔlawo ŋuti.
9Baba na ame si sẽ ŋuta tsɔ kpɔ nui na eƒe ƒometɔwo,
eye wòte kpɔ wɔ eƒe nɔƒe dedie
be dzɔgbevɔ̃e aɖeke nagadzɔ ɖe ye dzi o!
10Ke wò tameɖoɖo na be wò ƒome ɖu ŋukpe.
Esi nètsrɔ̃ dukɔ geɖewo ta la, wò hã atsrɔ̃.
11Xɔtukpewo gɔ̃ hã ado ɣli le gli me ɖe tawò,
eye xɔgbatiwo axɔ ɖe edzi na wo.
12Baba na ame si tso du to amewuwu me,
eye wòɖo egɔme anyi to nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me!
13 #
Sir 14.19. Kpɔ ɖa, amewo dzea agbagba wɔa dɔ,
ke dzo koe fiãnɛ,
eye dukɔwo kua kutri dzodzro.
Ðe menye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la gbɔe esia tso oa?
14 #
Yes 11.9. Ke sidzedze Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe
axɔ anyigba dzi keŋ abe ale si tsi yɔ atsiaƒu ene.
15Baba na ame si na ehavi
noa nu le eƒe dɔmedzoekplu nu
be wòamu ne wòakpɔ eƒe ŋukpeƒe.
16Ðe bubu teƒe la miaɖu ŋukpe.
Wò hã ano nu amu,
ahaɖe ama ɖokuiwò.
Aƒetɔ ƒe nuɖusi akpe dɔmedzoekplu la na wò hã,
eye wò bubu atrɔ zu ŋukpe.
17Ŋuta si wosẽ le Lebanon ŋu la,
atrɔ va dziwò.
Eƒe lãawo tsɔtsrɔ̃ ado vɔvɔ̃ na mi.
Nu siawo le dzɔdzɔ ge
elabe miewu ame,
eye miesẽ ŋuta le anyigba kple duwo
kpakple wo me nɔlawo ŋuti.
18Viɖe kae le aklama kpakpɛ ŋu na ekpala
alo le legba si wòkɔ̀ la ŋu?
Alakpanufiala ko wònye.
Ewɔla le dzi ɖom ɖe nu si eya ŋutɔ wɔ la ŋu,
evɔ la, nu maƒonu ko wònye.
19Baba na ame si gblɔ na ati be: “Nyɔ!”
alo na kpe maƒonu be: “Fɔ!”
Kpɔ ɖa, ele nane ɖe ge afia.
Togbɔ be wofa sika kple klosalo ɖe eŋu
kpe ɖo hã la,
gbɔgbɔ mele eme kura o.
20Ke Aƒetɔ le eƒe xɔ kɔkɔe me;
anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋkume.
eŋkume.
Currently Selected:
Xabakuk 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.