YouVersion Logo
Search Icon

Mose I 31

31
Yakob sí le Laban gbɔ
1Yakob se Laban viŋutsuwo le gbɔgblɔm be: “Yakob xɔ mía tɔ́ ƒe nuwo katã. Kesinɔnu siwo katã le esi la, mía tɔ́ tɔ me wotso.” 2Azɔ la, Yakob kpɔ be Laban megakɔa ŋkume ɖe ye abe tsã ene o. 3Eya ta Aƒetɔ gblɔ na Yakob be: “Trɔ yi tɔgbuiwòwo ƒe anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ. Manɔ kpli wò.” 4Ale Yakob dɔ woɖayɔ Raxel kple Lea vɛ nɛ le gbe dzi, afi si wòle eƒe lãhawo gbɔ le, eye wògblɔ na wo be: 5“Mekpɔ be mia tɔ́ megakɔa ŋkume ɖem fifia abe tsã ene o; gake tɔ́nye ƒe Mawu la li kplim. 6Mi ame evea mienya nyuie be nye ŋusẽ katã metsɔ wɔ dɔ na mia tɔ́. 7Gake ebam, eye wòtrɔ nye fetu zigbɔzi ewo; ke Mawu meɖe mɔ nɛ wòwɔ nu vevim ya o. 8Ne mia tɔ́ gblɔ be: ‘Lã ŋɔtaŋɔtawo nanye wò fetu’ la, ekema lãha blibo la katã dzia vi ŋɔtaŋɔtawo sɔŋ. Ne egagblɔ be: ‘Lã siwo ƒe agbalẽ me fli to nanye wò fetu la, ekema lãha blibo la katã dzia vi siwo ƒe agbalẽ me fli to la. 9Ale Mawu xɔ lãha blibo la katã le mia tɔ́ si hetsɔ nam. 10Le lãwo ƒe asiyɔɣi la, meku drɔ̃e, eye mekpɔ lãtsuwo wole asi yɔm. Lãtsu siwo le asi yɔm la nye esiwo ƒe agbalẽ me fli to, esiwo tɔ le ŋɔtaŋɔta kple esiwo tɔ me yibɔ kple ɣiwo le la. 11Mawudɔla aɖe yɔm le drɔ̃eƒea be: ‘Yakob!’ Metɔ be: ‘Nyee nye esi!’ 12Egblɔ nam be: ‘Kpɔ ɖa, lãtsu siwo katã le asi yɔm la nye esiwo ƒe agbalẽ me fli to, alo wole ŋɔtaŋɔta alo esiwo ƒe agbalẽ me ɣi kple yibɔ le la. Mekpɔ nu siwo katã wɔm Laban le ɖe ŋuwò. 13#Mos I, 28.18-22. Nyee nye Mawu si ɖe eɖokui fia wò le Betel, afi si nètu ŋkuɖodzikpe ɖo, kɔ ami ɖe edzi, eye nèɖe adzɔgbe nam le la. Azɔ tso, ʋu le anyigba sia dzi, eye nàgatrɔ yi mia de.’ ” 14Raxel kple Lea ɖo eŋu na Yakob be: “Ɖe gome alo domenyinyi aɖe gale mía si le mía tɔ́ ƒeme afi siaa? 15Menye ɖeko wòbua mí amedzrowoe oa? Etsɔ mí dzra, eye wòle ga#31.15: Le Mesopotamia kɔnu nu la, srɔ̃ɖenu siwo ŋugbetɔsrɔ̃ nana ɖe ŋugbetɔ ta la nyea nyɔnua tɔ hafi. si wòxɔ ɖe mía ta la ɖum va se ɖe fifi. 16Kesinɔnu siwo katã Mawu xɔ le mía tɔ́ si la nye mía kple mía viwo tɔ, eya ta nu sia nu si Mawu gblɔ na wò be nàwɔ la, wɔe.”
17Ale Yakob tso, eye wòtsɔ viawo kple srɔ̃awo ɖo kposɔwo dzi. 18Azɔ ekplɔ eƒe lãhawo katã, eƒe lãha siwo katã su esi kple nyiha siwo katã wòwɔ dɔ kpɔ le Padan-Aram la, eye wòdze mɔ be yeayi ye tɔ́ Isak gbɔ le Kanaan-nyigba dzi. 19Esi Laban yi fu ko ge na eƒe alẽwo la, Raxel fi tɔ́a ƒe aklama kpakpɛwo. 20Yakob flu Laban Aramtɔ la elabe meklãe be yele dzodzo ge o. 21Ɖeko wòlɔ eƒe nuwo katã, sí dzo. Etso Frat-tɔsisia, eye wòɖo ta Gilead-tonyigba dzi.
Laban ti Yakob yome
22Ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova gblɔ na Laban be Yakob sí dzo. 23Laban kplɔ nɔviawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woti Yakob kple etɔwo yome ŋkeke adrẽ sɔŋ hafi va tu wo le Gilead-tonyigba la dzi. 24Gbe ma gbe ƒe zã me la, Mawu va Laban gbɔ le drɔ̃eƒe, eye wògblɔ nɛ be: “Kpɔ nyuie ne nàgagblɔ nya aɖeke ado ŋɔdzi na Yakob ne nàgblẽ nu ɖe edzi wu o.” 25Laban kple etɔwo va tu Yakob wòtu eƒe agbadɔ ɖe to dzi. Laban kple nɔviawo hã tu wo tɔ ɖe tonyigba la dzi le Gilead.
26Laban bia Yakob be: “Nu ka nye esi nèwɔ, flum, hekplɔ vinye nyɔnuwo dzoe abe aboyomewoe wonye ene? 27Nu ka ta nèsí dzo xɛɛ le megbenye? Ne ɖe nèklãm la, anye ne aseyetsotso, hadzidzi, kasaŋku kple ʋuƒoƒo matsɔ ɖo wò ɖae. 28Mèna megbugbɔ nu na tɔgbuiyɔvinyewo kple vinye nyɔnuawo tsɔ do hedenyuie na wo teti hã o. Ewɔ bometsinu! 29Ŋusẽ le asinye be mawɔ nu vevi mi, gake le étò ƒe zã me la, tɔ́wò ƒe Mawu la ƒo nu nam be: ‘Kpɔ nyuie be magblɔ nya vɔ̃ alo nya nyui aɖeke na Yakob o.’ 30Menya nyuie be aƒe le dzrowòm eya tae nèdzo ɖo. Ke nu ka ta nèfi nye mawuwo?”
31Yakob ɖo eŋu be: “Ɖe menɔ vɔvɔ̃m elabe mebu be ɖewohĩ àxɔ viwò nyɔnuawo le asinye. 32Ame si ƒe nuwo me nàkpɔ wò mawuawo le la, matsi agbe o. Ka nye nuwo me faa, nàtɔ asi nu si nye tɔwò la dzi le mía nɔviwo ŋkume afii, ne nàɖee dzoe.” Yakob menya be Raxel ye fi mawuawo o.
33Ale Laban yi ɖaka nuwo me le Yakob, Lea kple kosi eveawo ƒe agbadɔ me, gake mekpɔ eƒe mawuawo o. Edo le Lea ƒe agbadɔ me ge ɖe Raxel tɔ me. 34Azɔ Raxel fi mawuawo tsɔ ɣla ɖe kposɔ ƒe akpa te hebɔbɔ nɔ edzi. Laban ka nu sia nu me le agbadɔa me, gake mekpɔ mawuawo o. 35Raxel gblɔ na tɔ́a be: “Tɔ́nye, mègakpɔ dziku be nyemetso ɖe tsitrenu na wò o, elabe meɖo asi anyi.” Laban di mawuawo, gadi wo ʋuu, gake mekpɔ wo o.
36Tete Yakob do dziku vevie ɖe Laban ŋuti. Ebia be: “Vo kae meda? Nu vɔ̃ ka gɔ̃e mewɔ si na be nèɖem ɖe nu alea gbegbe? 37Togbɔ be nèka nye nuwo katã me hã, wò aƒemenu kae nèkpɔ? Tsɔe va da ɖe mí kple nɔviwòawo katã ŋkume, ne woabu fɔ, atso afia. 38Menɔ gbɔwò ƒe bla eve sɔŋ; fu mege le wò alẽ alo wò gbɔ̃ aɖeke ƒo kpɔ o. Nyemelé agbo le wò alẽha la me ɖa ɖu kpɔ gɔ̃ hã o. 39Ne lã lénu lé ɖe la, nye agbae; ɖe medinɛ ɖoa eteƒe. Ne wofi ɖe, ŋdɔ o, zã o, ɖe nènana media bubu ɖoa eteƒe na wò. 40Ale ŋdɔ ɖuam le ŋkeke me, vuvɔ wɔam le zã me, eye nyemekpɔa alɔ̃ dɔna gɔ̃ hã o. 41Ƒe bla eve siwo menɔ gbɔwò la, alea dzi ko menɔ. Mewɔ dɔ na wò ƒe wui ene ɖe viwò nyɔnu eveawo ta, eye megawɔ dɔ ƒe ade ɖe alẽawo ta. Gawu la, èɖɔli nye fetu zigbɔzi ewo sɔŋ. 42Ne menye Mawu si tɔgbuinye Abraham subɔna, Mawu si tɔ́nye Isak hã vɔ̃na la ɖe wòli kplim o la, anye ne asi ƒuƒlu ko nèdo mɔm. Ke Mawu kpɔ ale si mekpe fu, wɔ dɔ kple kutrikuku, eye wòtso afia nam étò ƒe zã me.”
Yakob kple Laban wɔ ɖoɖo
43Tete Laban ɖo eŋu na Yakob be: “Nyɔnu siawo la, vinyewoe, wo viwo hã nye tɔnye, eye lãhawo hã tɔnyewoe. Le nyateƒe me la, nu sia nu si le afii la, tɔnyee. Nu ka mate ŋu awɔ ɖe nye ŋutɔ vinye nyɔnuwo kple vi siwo wodzi la ŋu? 44Na nye kple wò míabla nu, ne wòanye ɖaseɖiɖi le nye kple wò dome.” 45Ale Yakob tsɔ kpe tu anyi be wòanye ŋkuɖodzinu. 46Egblɔ na eƒe amewo be woafɔ kpe vɛ, eye wofɔ wo va li kɔ ɖi. Emegbe la, woɖu nu le kpekɔ la dzi. 47Laban tsɔ ŋkɔ nɛ be Yegar Saxaduta#31.47: YEGAR SAXADUTA: Ŋkɔ sia gɔmee nye míeli kɔe ɖi be wòanye ŋkuɖodzinu na mí le Aram-gbe me., ke Yakob ya tsɔ ŋkɔ nɛ be Galed#31.47: GALED: Ŋkɔ sia gɔmee nye míeli kɔe ɖi be wòanye ŋkuɖodzinu na mí le Hebri-gbe me.. 48Laban gblɔ be: “Kpekɔ sia nanye ŋkuɖodzikpe na nye kple wò tso egbe dzi,” eya ta wòna ŋkɔe be Galed. 49Laban gagblɔ be: “Ne míeklã ɖa tso mía nɔewo gbɔ hã la, Aƒetɔ nenɔ mía ŋu dzɔm.” Ale wòna ŋkɔ teƒe ma be Mizpa. 50Laban yi edzi be: “Ne èyi ɖale fu fiam vinye nyɔnuawo, alo yi ɖaɖe srɔ̃ kpe wo la, ɖo ŋku edzi be togbɔ be ame aɖeke meli o hã la, Mawu nye ɖasefo le nye kple wò dome.” 51Laban gagblɔ be: “Kpɔ kpekɔ kple ŋkuɖodzikpe sia si meɖo nye kple wò dome la ɖa. 52Kpekɔ kple ŋkuɖodzikpe siawo zu ŋkuɖodzinu na mí ɖaa. Nyemadze to kpekɔ sia ŋu ava wɔ nu vevi wò o. Nenema ke wò hã màdze to kpekɔ sia kple ŋkuɖodzikpe sia ŋu ava wɔ nu vevim o. 53Mawu si Abraham kple Naxor kple wo tɔgbuiwo subɔna la nanye ʋɔnudrɔ̃la le nye kpli wò dome.” Tete Yakob ka atam le tɔ́a Isak ƒe Mawu la ŋkɔ me, tsɔ ɖo kpe nubabla la dzi. 54Emegbe Yakob wu lã sa vɔe le to la dzi, eye wòyɔ etɔwo wova ɖu nu. Esi woɖu nua vɔ la, wotsi toa dzi dɔ. 55Le ŋufɔke ƒe ŋdi kanya la, Laban gbugbɔ nu na tɔgbuiyɔviawo kple via nyɔnuawo, eye wòyra wo. Emegbe etrɔ yi aƒe.#31.55: Esia nye Ta 32.1 le Hebri Biblia me.

Currently Selected:

Mose I 31: EB14

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy