Esta G 3
3
Haman ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yeatsrɔ̃ wo
1 Le nudzɔdzɔ siawo megbe la, fia Artaxerxes do Haman, Hamedata vi si nye Bougetɔ la ɖe ŋgɔ, eye wòna wòle ŋgɔgbe na fia xɔlɔ̃wo katã. 2 Ale ame siwo katã le fiasã la me la dea ta agu na Haman, elabe nenemae fia la ɖe gbe be woawɔe, gake Mardoxai ya medea ta agu nɛ o. 3 Tete fia la ƒe dɔlawo bia Mardoxai be: “Mardoxai, nu ka ta nègbe toɖoɖo fia ƒe gbe ɖo?” 4 Tso ŋkeke yi ŋkeke la, woƒoa nu nɛ gake egbe toɖoɖo woamawo. Tete woɖagblɔe na Haman be Mardoxai sẽ to, gbe toɖoɖo fia la ƒe gbe. Mardoxai gblɔ na wo tsã be Yudatɔ yenye. 5 Ale, esi Haman nya be Yudatɔe Mardoxai nye la, edo dɔmedzoe helihelĩ, 6 eye wòɖo nugbe be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo katã le Artaxerxes ƒe dziɖuɖu te.
7 Le fia Artaxerxes ƒe ƒè wui evelia me la, Haman va ɖoe be yeadzidze nu. Eɖoe be yeatsɔ ŋkekeawo ɖekaɖeka, kple dzinuawo ɖekaɖeka, ne wòatsɔ ŋkeke ɖeka si dzi woatsrɔ̃ Mardoxai ƒe dukɔ la katã. Nuzidzenu la dze dzinu Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi. 8 Tete Haman gblɔ na fia Artaxerxes be: “Dukɔ aɖe li si kaka ɖe dukɔ bubuawo dome le wò fiaɖuƒe la katã me. Woƒe sewo to vovo tso dukɔ bubu ɖe sia ɖe tɔ gbɔ, eye womewɔa fia la ƒe seawo dzi o. Menyo be fia la nana woanɔ anyi nenema o. 9 Ne adze fia ŋu la, nede se be woatsrɔ̃ wo, ekem maxe klosalo kpekpeme ton alafa etɔ̃ bla ene ɖe fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe la.” 10 Ale fia la ɖe eƒe ŋkɔsigɛ le asi tsɔ na Haman be wòatu se si woaŋlɔ atsi tre ɖe Yudatɔwo ŋu la dzi. 11 Fia la gblɔ na Haman be: “Dzra ga la ɖo eye nu sia nu si dzro wò la, wɔe kple dukɔ la.”
12 Ale le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia dzi la, woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo, eye le Haman ƒe ɖoɖowo nu la, woŋlɔ agbalẽa ɖe fia Artaxerxes ŋkɔ me. Woɖo agbalẽ la ɖe ʋɔnudrɔ̃la kple nutomedzikpɔla ɖe sia ɖe, tso India yi Etiopia. Nutomeawo katã le alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽ. Woŋlɔ nu la ɖe nutomedzikpɔla ɖe sia ɖe ŋutɔ ƒe gbegbɔgblɔ me. 13 Tete woɖo duxɔlawo ɖe fia ƒe dziɖuƒewo katã be woatsrɔ̃ Yudatɔwo le dzinu Adar wui evelia ƒe ŋkeke si woɖo la dzi, eye woaha woƒe nuwo keŋkeŋ.
KPEKPEƉEŊU B
Artaxerxes ƒe gbeƒãɖeɖe ɖe Yudatɔwo ŋu
14 Agbalẽa ƒe gbugbɔŋlɔ aɖe nye esi: “Fiagã Artaxerxes ŋlɔ nu siwo gbɔna la ɖo ɖe nutome alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽawo ƒe dzikpɔlawo, tso India yi Etiopia kple dudɔnunɔla siwo le wo te la: 15 “Esi mezu dziɖula ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye menye aƒetɔ na xexeme blibo la la (menye ŋusẽ si le asinye lae dom ɖe dzi o, ke boŋ mewɔa nu ɖe susu nu dɔmenyotɔe); meɖoe kplikpaa be mana tenyeviwo nanɔ agbe le ŋutifafa me ɖaa. Medi be nye fiaɖuƒea me nafa, eye emenɔlawo nazɔ mɔ ayi afi sia afi, ale mana be ŋutifafa si amewo di la nagbugbɔatrɔ va na wo.
16 ‘Esi mebia nye aɖaŋuɖolawo ale si nu sia ate ŋu anyawɔe la, Haman tɔ asi nya aɖe dzi. Haman nye ame si tsoa nya me nyuie le mía dome, eye wònye ame ŋkuta le eƒe nyuidiname matrɔmatrɔ kple eƒe nyateƒetoto ɣe sia ɣi me, eye wòxɔ teƒe evelia le fiaɖuƒea me. 17 Ebe, le dukɔwo katã me le xexea me la, dukɔ malɔ̃ame aɖemetɔwo kaka ɖi. Ame siawo ƒe sewo to vovo na dukɔ ɖe sia ɖe tɔ, eye womewɔna ɖe fiawo ƒe ɖoɖo dzi o. Ɖe esia ta fiaɖuƒea ƒe ɖekawɔwɔ si míedi bubutɔe la, mate ŋu ava eme o. 18 Míese egɔme be dukɔ sia, eye eya ɖeka koe, tsia tre ɖe dukɔ ɖe sia ɖe ŋu. Wonɔa agbe trama eye se trama le wo si, eye wo mede míaƒe dziɖuɖua dzi o. Wonɔa nu vlowo katã wɔm ale be míaƒe dukɔa mate ŋu ali ke o.
19 Eya ta míede se be woatsrɔ̃ ame siwo katã dzi wotɔ asi na mi le agbalẽ siawo si Haman, ame si kpɔa dunyawo dzi eye wòle abe mía tɔ́ evelia ene le dukɔa me la, ŋlɔ. Woatsrɔ̃ wo katã keŋkeŋ, wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa. Woatsrɔ̃ wo kple woƒe futɔwo ƒe yiwo nublanuimakpɔtɔe alo heheɖemegbe manɔmee, le dzinu wui evelia Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi le ƒe sia me. 20 Esia ava eme be ame siwo nye ŋlɔmeetɔwo tso ɣe aɖe ɣi ke ɣeyiɣi didi aɖe eye wole nenema la woayi tsiẽƒe ŋutasẽtɔe le ŋkeke ɖeka dzi, eye woagble míaƒe dziɖuɖua ɖi wòavo keŋkeŋ tso fuɖename si me le esia megbe.”
KPEKPEƉEŊU B ƑE NUWUWU
21 Woklã agbalẽa ƒe gbugbɔŋlɔ la ɖe nutome ɖe sia ɖe me, eye woɖe gbe na dukɔwo katã be woadzra ɖo na ŋkeke ma. 22 Woɖo nya la ɖe Susa-du me hã enumake. Esime fia la kple Haman nɔ aha nom ɖekae nɔ dzidzɔ kpɔm la, zi tɔ le Susa-du la me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.