Bible App logo
Search Icon

Esta G 2

2
Esta zu fianyɔnu
1 Le nudzɔdzɔ siawo megbe la, fia la ƒe dzi fa eye eƒe susu megale Vasti ŋu loo alo ɖo ŋku nu si wògblɔ kple ale si wògbe nu le egbɔ la ŋu o. 2 Tete fia la ƒe subɔlawo gblɔ be: “Mina woadi nyɔnuvi dzetugbe siwo ƒe nɔnɔme nyo la na fia la. 3 Fia la atia dudɔwɔlawo le eƒe nutomewo katã me le eƒe fiaɖuƒe la me, eye woawoe atia ɖetugbi leaƒe dzetugbewo akplɔ ava nyɔnuwo nɔƒe le Susa, fiadu la me. Mina woatsɔ wo ada ɖe ame tata si kpɔa nyɔnuwo ƒe nya gbɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Woatsɔ amisisi kple nu sia nu si woahiã la na wo. 4 Ale nyɔnu si ƒe nu adze fia la ŋu la azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Nya sia dze fia la ŋu eye wòwɔ nenema.
5 Azɔ Yudatɔ aɖe le Susa, fiadu la me. Eŋkɔe nye Mardoxai. Mardoxai nye Yair vi. Yair nye Simei vi, eye Simei nye Kis si tso Benyamin-to la me la vi. 6#Fia II, 24.10-16; Kron II, 36.10.6 Wolée tso Yerusalem, wòle ame siwo fia Nebukadnezar, Babilonia-fia ɖe aboyo la dome. 7 Mardoxai nye etɔɖia Aminadab vinyɔnuvi, si ŋkɔe nye Esta la dzikpɔla. Esi dzilaawo ku la, enyii abe eya ŋutɔ via ene wòtsi zu nyɔnu. Nyɔnuvi la dze tugbe nyakpɔ. 8 Ale esi woɖe gbeƒã fia ƒe se la eye ɖetugbi geɖewo va ƒo ƒu ɖe Susa, fiadua me ɖe Gai ƒe dzikpɔkpɔ te la, wokplɔ Esta hã vɛ na Gai. 9 Nyɔnuvi la ƒe nu dze Gai ŋu, eye wòve enu. Enumake wòna amisisii kple eƒe nuɖuɖui kple nyɔnu subɔla adrẽ siwo wotia tso fiasã la me. Etsɔ beléle tɔxɛ na eyama kple eƒe subɔlawo le nyɔnuwo nɔƒe la. 10 Azɔ Esta mena wonya eƒe amewo alo dukɔ si me wòtso o, elabe Mardoxai de se nɛ be megana woanya o. 11 Mardoxai zɔna yina ɖe nyɔnuwo nɔƒe la ƒe xɔxɔnu gbe sia gbe, be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Esta dzi la ɖa.
12 Woɖo be ɣleti wui eve megbe hafi nyɔnuvi aɖe nayi fia la gbɔ. Le ɣeyiɣi sia me la, tugbedzedze ƒe wɔnawo wua enu. Wosia lifimi dzinu ade, eye wowɔa nyɔnuwo ƒe atike ʋeʋẽe kple amisisi ŋudɔ hã dzinu ade. 13 Tete wòyina ɖe fia la gbɔ. Wodenɛ asi na ame tiatia aɖe eye wòyina kplii tso nyɔnuwo nɔƒe la yi ɖe fiasã la me. 14 Egena ɖe eme le fiẽ me, eye le ŋdi me la, edona yia nyɔnuwo nɔƒe evelia, afi si Gai, fia ƒe ame tata si le nyɔnuwo dzi kpɔm la le. Megayia fia la gbɔ o, negbe ɖe woyɔ eŋkɔ eye woyɔe yii.
15 Esi Esta, Aminadab ame si nye Mardoxai tɔ́ nɔviŋutsu vinyɔnuvi ƒe ɣeyiɣi de be wòayi ɖe fia la gbɔ la, meŋlɔ nu siwo Gai, ame tata si kpɔa nyɔnuwo gbɔ la ƒe nya siwo wògblɔ nɛ la ƒe ɖeke be o. Azɔ la Esta kpɔ ŋudzedze le ame siwo katã kpɔe la ƒe ŋkume. 16 Ale Esta ge ɖe eme le fia Artaxerxes gbɔ le dzinu wui evelia, si nye Adar me, le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè adrẽlia me. 17 Tete fia la lɔ̃ Esta eye wòkpɔ ŋudzedze le eŋu wu ɖetugbi leaƒe bubuawo katã eye wò ɖɔ fianyɔnu ƒe kuku la nɛ. 18 Tete fia la ɖo nuɖukplɔ̃ si nɔ anyi ŋkeke adrẽ sɔŋ la na exɔlɔ̃wo kple dudɔwɔlawo katã be woatsɔ akpɔ dzidzɔ, ado vivi ɖe eƒe Esta ɖeɖe ŋuti. Eda asi ɖe edzi be wòatsɔ dugaxexe ake ame siwo le eƒe dziɖuɖu me la.
Mardoxai xɔ fia la ɖe agbe
19 Le ɣeyiɣi sia me la, Mardoxai nɔ subɔsubɔm le fiasã la me. 20 Esta mena wonya eƒe dukɔ o. Nenema Mardoxai fiae. Evɔ la, edze be wòavɔ̃ Mawu awɔ ɖe eƒe seawo dzi, abe ale si wòwɔe esime wònɔ Mardoxai gbɔ la ene. Ale Esta metrɔ eƒe agbenɔnɔ o.
21 Azɔ fia la ƒe ame tata siwo nye eŋudzɔlawo ƒe tatɔwo la do dziku le Mardoxai ƒe ŋgɔyiyi ta, eye woɖo nugbe be yewoawu fia Artaxerxes. 22 Nya la va ge ɖe Mardoxai ƒe to me, eye wòɖo afɔ afɔ ta na Esta, eye wòʋu go nugbeɖoɖo la na fia la. 23 Fia la ku nu me tso ame tata eveawo ŋuti eye wòde ka ve na wo. Tete fia la ɖe gbe be woawɔ ŋkuɖodzinu ɖi akafu Mardoxai, eye woadae ɖe fia ƒe agbalẽwo dzraɖoƒe la, le eƒe nyuidiname si wòɖe fia la ta.

Currently Selected:

Esta G 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in