Bible App logo
Search Icon

Mose V 8

8
Anyigba nyui si woaxɔ
1“Milé se siwo katã mede na mi egbea la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi, ne mianɔ agbe, adzi ɖe edzi, eye miayi aɖaxɔ anyigba si Aƒetɔ ka atam be yeana mia tɔgbuiwo la. 2Ɖo ŋku mɔ didi si miezɔ ƒe bla ene sɔŋ to gbedadaƒo la dzi. Aƒetɔ, wò Mawu la kplɔ wò alea be yeabɔbɔ wò ɖe anyi, ado wò kpɔ, ne yeanya nu si le wò dzime, eye yeakpɔ ɖa be àwɔ yeƒe seawo dzi loo, alo màwɔ wo dzi o mahã. 3#Mat 4.4; Luk 4.4. Ebɔbɔ wò ɖe anyi, na dɔ wu wò, eye wòna mana si miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo siaa mieɖu kpɔ o la mi mieɖu. Ewɔ esia be yeatsɔ afia wò be mele be amegbetɔ naɖo ŋu ɖe nuɖuɖu ko ŋu be eyae na yele agbe o, ke nya sia nya si Aƒetɔ gblɔ la boŋ ye na yele agbe. 4Le ƒe bla eneawo me la, awu mevuvu le ŋuwò o, eye wò afɔ mete o. 5#Nya 11.9, 10.Eya ta nàse egɔme nyuie be ale si vi tɔ́ hea vii, fia nunyae la, nenema tututu Aƒetɔ, wò Mawu la wɔ na wò. 6Azɔ la, wɔ Aƒetɔ ƒe nya dzi. Lé eƒe seawo me ɖe asi, eye nàvɔ̃e. 7Aƒetɔ, wò Mawu la kplɔ wò yina anyigba nyui aɖe dzi. Tɔʋuwo, vudowo kple ta, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me la bɔ ɖe edzi. 8Anyigba sia nyo na lu kple mɔli, wainka, gboti, yevuboɖati kple amiti, eye anyitsi hã le edzi. 9Dɔ mawu wò le afi ma gbeɖe o, eye naneke mahiã wò o. Ga yibɔ le eƒe kpewo me, eye miaku akɔbli tso eƒe togbɛwo hã me. 10Àɖu nu aɖi ƒo, eye àkafu Aƒetɔ, wò Mawu la le anyigba nyui si wòna wò la ƒe nyonyo ta.
Nyagbename le Aƒetɔ ŋɔŋlɔ be ŋuti
11 # Hos 13.5, 6. “Kpɔ nyuie be màgaŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be, eye nàgbe eƒe ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo siwo megblɔ na wò la dzi wɔwɔ o. 12Ne èɖu nu ɖi ƒo, tu xɔ nyuiwo le wo me, 13wò nyihawo kple alẽwo dzi ɖe edzi, klosalo kple sika su asiwò si fũu, eye nunɔamesi bubuwo hã dzi ɖe edzi na wò la, 14kpɔ nyuie ne màgado ɖokuiwò ɖe dzi aŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be o. Ɖo ŋui be eyae xɔ wò ɖe agbe tso Egipte, afi si nènye kluvi le kpɔ la. 15Mègaŋlɔ eya ame si kplɔ wò to gbedadaƒo dziŋɔ gã la, si da vɔ̃ kple dziɖegbe nɔ la be o. Togbɔ be tsi vena vevie le afi ma hã la, ena tsi do tso kpe sesẽwo me. 16Eyae tsɔ mana si miawo kple mia tɔgbuiwo mienya o la na wò nèɖu le gbedadaƒo la. Eyae bɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòdo wò kpɔ be yeava wɔ nyui ɖe enu na wò emegbe, eya ta migaŋlɔe be o. 17Mègabu be ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ kple ŋutetee yetsɔ kpɔ kesinɔnu siawoe o. 18Ke boŋ ɖo ŋku edzi be Aƒetɔ, Mawu lae na ŋusẽ wò be nète ŋu kpɔ kesinɔnuawo. Ewɔ esia be yeaɖee afia be yemeŋlɔ nu, si yebla kple tɔgbuiwòwo la be o, ke boŋ eya dzi wɔm yele egbe gɔ̃ hã. 19Ne èŋlɔ Aƒetɔ, wò Mawu la be, dze mawu bubuwo yome hesubɔ wo la, mele egblɔm na mi egbea be miatsrɔ̃ avɔ ɖa keŋkeŋ. 20Ne miegbe toɖoɖo Aƒetɔ la, atsrɔ̃ mi abe ale si wòle dukɔ siwo le mia ŋgɔ la tsrɔ̃ ge ɖa ene.

Currently Selected:

Mose V 8: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in