Bible App logo
Search Icon

Mose V 29

29
Aƒetɔ bla nu kple Israel-dukɔ le Moab-nyigba dzi
1Nya siawo nye nubabla ƒe nya siwo Aƒetɔ gblɔ na Mose be wòagblɔ na Israelviwo le Moab-nyigba dzi. Nubabla sia kpe ɖe esi wòbla kpli wo le Xoreb gbɔ la ŋuti. #29.1: Le Hebri Biblia me la, Ta 28.69 dze egɔme tso afi sia. 2Ale Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Aƒetɔ wɔ Egipte Fiagã, eŋutimewo kple eƒe dukɔ blibo la. #29.2: Le Hebri Biblia me la, Ta 29.1 dze egɔme tso afi sia. 3Miekpɔ nu dzɔtsu, dzesi kple nukunu gã siwo katã wòwɔ. 4Ke va se ɖe fifi la, Aƒetɔ mena miese nu siwo teƒe miekpɔ la gɔme kpɔ o. 5Aƒetɔ kplɔ mi to gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ; avɔ mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa hã mevuvu le afɔ na mi o. 6Abolo menɔ anyi miaɖu o, eye wain alo aha muame aɖeke hã menɔ anyi miano o. Ke Aƒetɔ di miaƒe nuhiahiãwo na mi, ne miadze sii be eyae nye miaƒe Mawu. 7#Mos IV, 21.21-30; Mos IV, 21.31-35.Esi mieva afi sia la, Sixon, Xesbon-fia kple Og, Basan-fia ho aʋa ɖe mía ŋuti, ke míeɖu wo dzi, 8#Mos IV, 32.33.xɔ woƒe anyigba hema na Ruben viwo, Gad viwo kple Manase viwo ƒe to afã. 9Eya ta milé nubabla sia ƒe nyawo me ɖe asi eye miwɔ wo dzi bene nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.
10“Egbe la, mi katã miele tsitre ɖe Aƒetɔ, mia Mawu la ŋkume: toawo ƒe tatɔwo, ame tsitsiwo, dɔdzikpɔlawo, ŋutsuwo, 11nyɔnuwo, ɖeviwo, amedzro siwo le miaƒe asaɖa me, miaƒe nakefɔlawo kple tsidulawo siaa. 12Mi katã miele afii egbe be miabla nu kple Aƒetɔ, mia Mawu la, eye miaka atam awɔ nubabla la dzi. 13Miva ne wòaɖo mia gɔme anyi egbe, miazu eƒe dukɔ, eye eya nanye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbe na miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo Abraham, Isak kple Yakob ene. 14Menye miawo ɖeɖe dzaa ko Aƒetɔ le nu sia blam kplii, eye wòka atam le kpe ɖom edzi na o, 15ke boŋ ele nua blam kple mí ame siwo katã le tsitre ɖe afii le eŋkume egbe kple dzidzime siwo ava dzɔ emegbe la hã.
16“Miawo ŋutɔ mienya ale si míenɔ agbe le Egipte-nyigba dzi kple ale si míezɔ mɔ to dukɔ vovovoawo domee. 17Miekpɔ woƒe ŋunyɔnuwo: legba siwo wotsɔ ati, kpe, klosalo kple sika wɔ la. 18#Heb 12.15. Mikpɔ nyuie be ŋutsu, nyɔnu, ƒome, alo to siwo le tsitre ɖe afii egbe la dometɔ aɖeke nagatrɔ le Aƒetɔ, mía Mawu la yome aɖasubɔ dukɔ mawo ƒe mawu aɖeke o. Ame si wɔ esia la, anɔ abe ati si ƒe ke na eƒe tsetsea va zu aɖi le vevem abe atsa ene, anɔ mia dome. 19Mikpɔ nyuie be ame aɖeke naganɔ mia dome le afii si ase nubablanya siawo gake anɔ dzi dem ƒo na eɖokui be, ne yesẽ to hele nu si dze ye ŋu wɔm hã la, yeanɔ dedie o. 20Aƒetɔ matsɔ ke ame ma o. Ke boŋ ado dziku ɖe eŋu vevie, aɖe eƒe ŋuʋaʋã afia eye wòana fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la aɖi eŋu va se ɖe esime Aƒetɔ ana wòatsrɔ̃ keŋ. 21Aƒetɔ aɖee ɖa le Israel ƒe toawo katã dome be wòanye kpɔdzidze na amewo eye wòana dzɔgbevɔ̃e nadzɔ ɖe edzi. Fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe segbalẽa me si ku ɖe nubabla la dzi mawɔmawɔ ŋu la anɔ eyama dzi. 22Gbe aɖe gbe la, miaƒe dzidzimevi siwo gbɔna kple dukɔ bubu me tɔwo atso didiƒe ava kpɔ fuwɔame kple dɔléle siwo Aƒetɔ he va miaƒe anyigba la dzi. 23#Mos I, 19.24, 25.Miaƒe anyigba la afiã atrɔ zu aŋɔ kple dze. Womate ŋu aƒã nu ɖe edzi o, eye gbe aɖeke hã mate ŋu amie ɖe edzi o. Miaƒe anyigba la anɔ abe Sodom kple Gomora, alo Adma kple Zeboyim siwo Aƒetɔ tsrɔ̃ le dɔmedzoe kple dziku me la ene. 24Ne dukɔwo katã kpɔ anyigba la wòle alea la, ekema woabia be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka na wòdo dziku helihelĩ alea gbegbe?’ 25Tete amewo aɖo eŋu be: ‘Esi Aƒetɔ ƒe dukɔ la tu nu si wòbla kple Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu, esime wòkplɔ wo tso Egipte gbɔna la tae. 26Woyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo, evɔ la, womesubɔ mawu mawo kpɔ o eye gawu la, Aƒetɔ de se na wo be womegasubɔ wo o hafi. 27Ale Aƒetɔ do dziku ɖe anyigba la ŋu, eye wòhe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la va wo dzi. 28Eya ta Aƒetɔ tsɔ dziku, adã kple dɔmedzoe ho wo abe ati ene tso woƒe anyigba dzi ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.’
29“Nya ɣaɣla aɖewo li si nye Aƒetɔ, mía Mawu la ɖeɖe ko tɔ. Ke nu siwo wòɖe ɖe go la nye mía kple míaƒe dzidzimeviwo tɔ ale be míate ŋu awɔ se sia kple eƒe nyawo katã dzi tegbee.

Currently Selected:

Mose V 29: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in