Bible App logo
Search Icon

Mose V 27

27
Woŋlɔ Mawu ƒe sewo ɖe kpe dzi
1Tete Mose kple Israel-me tsitsiwo gblɔ na dukɔ la be: “Lé se siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi. 2#Yos 8.30-32.Gbe si gbe nètso Yordan-tɔsisi la, eye nèɖo anyigba si Aƒetɔ, wò Mawu le tsɔtsɔm na wò dzi la, tsɔ kpe gãwo tu tsitre, eye nàsi akalo na wo. 3Ne èɖo anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo si Aƒetɔ, tɔgbuiwòwo ƒe Mawu la, le tsɔtsɔm na wò le tɔa godo, anyigba si ŋugbe wòdo na wò la dzi 4la, tsɔ kpe siawo, siwo ƒe nya gblɔm mele na wò la tu ɖe Ebal-to dzi. Si akalo na wo. 5#Mos II, 20.25.Tsɔ kpe ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ, wò Mawu la, ɖe afi ma. Gatsɔ ga yibɔ dɔwɔnu aɖeke ka kpeawo ƒe ɖeke ŋu o. 6Tsɔ kpe blibowo sɔŋ, kpe siwo womeka afi aɖeke na o la ɖi vɔsamlekpuia, eye nàwɔ numemevɔsawo le edzi na Aƒetɔ. 7Sa ŋutifafavɔ eye nàɖu nu, akpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ, wò Mawu la, ŋkume le afi ma. 8Ŋlɔ Mawu ƒe seawo ƒe nya sia nya ɖe kpe siwo nèsi akalo na la dzi. Na nuŋɔŋlɔa me nakɔ nyuie.”
9Eyome Mose kple nunɔla Levitɔawo gblɔ na Israel-dukɔ blibo la be: “Israel-dukɔ, ɖo to nàsee ɖa! Egbe la, ètrɔ zu Aƒetɔ, wò Mawu la, ƒe dukɔ, 10eya ta ɖo to eƒe gbe, eye nàwɔ eƒe se kple ɖoɖo siwo gblɔm mele na wò egbe sia la dzi.”
Fiƒode siwo anɔ tomaɖola dzi
11Mose gblɔ na dukɔa gbe ma gbe ke be: 12#Mos V, 11.29; Yos 8.33-35.“Ne mietso Yordan-tɔsisi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim-to dzi ayra ame le dukɔa me la woe nye: Simeon, Levi, Yuda, Isaxar, Yosef kple Benyamin. 13Ame siwo atsi tsitre ɖe Ebal-to dzi agblɔ fiƒodenyawoe nye: Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan kple Naftali. 14Levitɔwo akɔ gbe dzi agblɔ sesĩe na dukɔ blibo la be:
15 # Mos II, 20.4; 34.17; Mos III, 19.4; 26.1; Mos V, 4.15-18; 5.8. “ ‘Ne ame aɖe wɔ aklama kpakpɛ alo me legba alo na aɖaŋudɔwɔla kɔ̀ legba aɖe nɛ wòle subɔsubɔm le bebeme la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
16 # Mos II, 20.12; Mos V, 5.16. “ ‘Ne ame aɖe wɔ nu tsɔ klo bubu le tɔ́a alo nɔa ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
17 # Mos V, 19.14. “ ‘Ne ame aɖe trɔ ehavi ƒe liƒo la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
18 # Mos III, 19.14. “ ‘Ne ame aɖe kplɔ ŋkuagbãtɔ trae la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
19 # Mos II, 22.21; 23.9; Mos III, 19.33, 34; Mos V, 24.17, 18. “ ‘Ne ame aɖe te amedzro, tsyɔ̃evi alo ahosi ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
20 # Mos III, 18.8; 20.11; Mos V, 22.30. “ ‘Ne ame aɖe de asi tɔ́a srɔ̃ ŋu la, edo vlo tɔ́a eya ta neɖi amea ŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
21 # Mos II, 22.19; Mos III, 18.23; 20.15. “ ‘Ne ame aɖe dɔ kple lã aɖe la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
22 # Mos III, 18.9; 20.17. “ ‘Ne ame aɖe de asi nɔvia nyɔnu si nye tɔ́a vi alo nɔa vi ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
23 # Mos III, 18.17; 20.14. “ ‘Ne ame aɖe de asi lɔ̃xoa ŋu la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
24“ ‘Ne ame aɖe wu ehavi le adzame la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
25“Ne ame aɖe lɔ̃ wodɔe wòwu ame si mewɔ vɔ̃ aɖeke o la, neɖi eŋu kpékpekpe! Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”
26 # Gal 3.10. “ ‘Ne ame aɖe melé se siawo me ɖe asi, eye wòwɔ wo dzi o la, neɖi eŋu kpékpekpe.’ Dukɔ bliboa naxɔ ɖe edzi be: ‘Neva eme nenema!’ ”

Currently Selected:

Mose V 27: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in