Skip to content

Amos 7

7
Amos kpɔ ʋetsuviwo le ŋutega me
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ Mawu ɖe nu fiam le ŋutega me. Ewɔ ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe mekpɔ. Le ɣe ma ɣi me la, woya gbe na fia vɔ, eye gbe gade asi toto me nyuie. 2Esi ʋetsuviawo ɖu gbe ɖe sia ɖe le anyigba dzi vɔ la, megblɔ be:
“Aƒetɔ Mawu, tsɔe ke dzro, meɖe kuku.
Yakob ƒe aƒe ɖe, ɖe wòate ŋu anɔ te ɖe nuwòa?
Mele ɖeke me o!”
3Ale Aƒetɔ ɖe asi le nu si wòɖo be yeawɔ la ŋu, eye wògblɔ be:
“Nu si nèkpɔ la, madzɔ o!”
Amos kpɔ dzo le ŋutega me
4Azɔ la, Aƒetɔ Mawu la gaɖe nu bubu fiam le ŋutega me. Le eme la, mekpɔe wònɔ dzadzram ɖo be yeahe to na yeƒe amewo kple dzo. Dzo la bi tɔ gãwo, eye wòde asi anyigba hã bibi me. 5Ale megblɔ be:
“Mègawɔe o, Aƒetɔ Mawu, meɖe kuku.
Yakob ƒe ƒome ɖe, ɖe wòate ŋu anɔ te ɖe nuwòa?
Mele ɖeke me o!”
6Tete Aƒetɔ gaɖe asi le nu si wòɖo be yeawɔ la ŋu,
eye wògblɔ be:
“Nu si nègakpɔ la hã madzɔ o.”
Aƒetɔ Mawu lae gblɔe.
Amos kpɔ glidzidzeka le ŋutega me
7Aƒetɔ gaɖe nu bubu fiam le ŋutega me. Le eme la, mekpɔe wòle tsitre ɖe gli aɖe gbɔ, eye glidzidzeka le esi. 8Ebiam be: “Amos, nu kae nye esi le asinye?” Meɖo eŋu be: “Glidzidzekae.” Aƒetɔ gblɔ nam be:
“Kpɔ ɖa, medi be matsɔe afia nye amewo
be wole abe gli gɔglɔ̃ ene.
Nu si meɖo be mawɔ la, nyemagatsɔe ake o.
9Teƒe siwo Isak ƒe dzidzimeviwo subɔam le la
azu gbegbe.
Israel ƒe kɔkɔeƒewo azu aƒedo,
eye matsrɔ̃ fia Yerobeam ƒe dzidzimeviwo
kple yi le aʋa me.”
Amos kple Amazya
10Tete nunɔla Amazya si le Betel la dɔ ame ɖe Israel-fia Yerobeam be: “Amos le nugbe ɖom ɖe wò kple dukɔa ŋu. Nya siwo gblɔm wòle la wu tsɔtsɔ na mí azɔ. 11Ele gbɔgblɔm be:
‘Yerobeam atsi yi nu,
eye wole aboyo ɖe ge Israel-dukɔmetɔwo
akplɔ adzoe tso woƒe anyigba dzi.’ ”
12Ale Amazya gblɔ na Amos be: “Nukpɔla, dzo, sí nàyi Yuda aɖanɔ wò gbeƒã la ɖem le afi ma boŋ. Àkpɔ nu aɖu tso eme. 13Ke mègaɖe gbeƒã nya le Betel azɔ o, elabe teƒe siae fia la subɔa Mawu le, eye fiaɖuƒea ƒe gbedoxɔ hã li.”
14Tete Amos ɖo eŋu be: “Nyemenye gbeƒãɖela alo gbeƒãɖelawo ƒe hahɔbɔmenɔla o. Lãkplɔvi kple sikamortigble dzikpɔla menye tsã. 15Ke Aƒetɔ va ɖem le lãkplɔdɔ la me, eye wògblɔ nam be: ‘Yi ɖaɖe gbeƒã nye nya na nye dukɔ Israel.’ 16“Azɔ se nya si gblɔm Aƒetɔ le.
Ègblɔ nam be madzudzɔ gbeƒãɖeɖe na Israel-dukɔ la,
eye maganɔ nya vɔ̃ gblɔm ɖe Israel ŋu o.
17Eya ta, Amazya, Aƒetɔ be:
‘Srɔ̃wò awɔ gbolo le du sia me,
eye viwòwo atsi aʋa.
Woama wò anyigba na amewo,
eye wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ aɖe dzi.
Ke Israel-dukɔ la ya la, woaɖe aboyoe akplɔe dzoe
tso eƒe anyigba dzi.’ ”