Bible App logo
Search Icon

Amos 3

3
1Israelviwo, mi dukɔ blibo si wokplɔ do go tso Egipte-nyigba dzi, miɖo to miase nya si Aƒetɔ gblɔ ɖe mia ŋu.
2Ebe:
“Miawo koe nye dukɔ si metia
le dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome,
eya ta mahe to na mi
ɖe miaƒe nuvɔ̃wo katã ta.”
Gbeƒãɖela ƒe dɔdeasi
3“Ðe ame eve ate ŋu adze mɔ
ne womeɖo gbe ɖi oa?
4Ðe dzata tsitsi ɖea gbe le ave me,
ne menye nu wòkpɔ be yealé oa?
Ðe dzata xlɔ̃na le enɔƒe,
ne menye ɖe wòkpɔ nu lé oa?
5Ðe xevi gena ɖe mɔ̀ me,
ne wometre mɔ̀ ɖi nɛ oa?
Mɔ̀ kae dana,
ne menye nanee ge ɖe eme o?
6Ame kae mevɔ̃na,
ne aʋayikpẽ ɖi le du me o?
Dzɔgbevɔ̃e kae dzɔna le du me,
ne menye Aƒetɔ gbɔ wòtso o?
7Le nyateƒe me la,
Aƒetɔ Mawu mewɔa naneke o,
dzaa ɖe wòɖe eƒe ɖoɖowo fia
eƒe dɔla, gbeƒãɖelawo.
8Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o?
Aƒetɔ Mawu la ƒo nu,
ame kae agbe gbeƒãɖeɖe?”
Samaria le tsɔtsrɔ̃ ge
9Miɖe gbeƒã na ame siwo le fiasãwo me
le Asdod kple Egipte be:
“Miƒo ƒu ɖe Samaria-towo dzi
ne miakpɔ ale si wole ʋunyaʋunya wɔm,
eye wote amewo ɖe anyi le afi mae la ɖa.”
10Aƒetɔ be:
“Ame siawo li kɔ nu siwo wokpɔ
to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ me
ɖe woƒe mɔ́ sesẽwo me gleglegle.
Womeganya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o.”
11Le esia ta, Aƒetɔ be:
“Futɔwo aɖe to ɖe woƒe anyigba godoo,
akaka woƒe mɔwo,
eye woaha woƒe fiasãmenuwo adzoe.”
12Aƒetɔ be: “Abe ale si alẽkplɔla ɖea lã ƒe afɔti eve alo to kakɛ ko le dzata ƒe nu me ene la, nenema kee woaɖe Israelvi siwo le Samaria la hãe kple zikpui kakɛ kpakple abati ƒe dzogoe.”
13“Misee,
ne miatsɔe axlɔ̃ nu Yakob ƒe dzidzimeviwo.”
Aƒetɔ Mawu, Mawu Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
14 # Fia II, 23.15. “Gbe si gbe mahe to na Israelviwo
ɖe woƒe nuvɔ̃ ta la,
magbã Betel-vɔsamlekpuiwo.
Woaŋe vɔsamlekpuiawo ƒe dzowo
aƒu anyi.
15Magbã vuvɔŋɔlixɔwo
akpe ɖe dzomeŋɔli tɔwo ŋuti.
Xɔ siwo woɖo atsyɔ̃ na kple nyiɖu
agbã gudugudu,
eye xɔ gã gãwo avɔ ɖa.”
Aƒetɔ lae gblɔe.

Currently Selected:

Amos 3: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in