Amos 2
2
Moab
1 #
Yes 15.1—16.14; 25.10-12; Yer 48.1-47; Xez 25.8-11; Zef 2.8-11. Aƒetɔ be:
“Moabtɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Wotɔ dzo Edom-fia ƒe ƒuwo
wofiã zu akalo.
2Le esia ta, mana dzo afiã nu
le Moab-nyigba dzi,
eye wòabi Keriot
ƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.
Zi atɔ, kalẽtɔwo anɔ ɣli dom,
kpẽ anɔ ɖiɖim sesĩe,
eye Moabtɔwo aku
le ʋunyaʋunya la me.
3Mawù Moab-fia kple eŋumewo katã
le anyigba la dzi.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Yuda
4Aƒetɔ be:
“Yudatɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Wogbe Aƒetɔ ƒe sewo dzi wɔwɔ,
eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o.
Ke wona alakpalegba
siwo wo tɔgbuiwo subɔ la
kplɔ wo trae boŋ.
5Le esia ta, mana dzo afiã nu
le Yuda-nyigba dzi,
eye wòabi mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ
le Yerusalem-dua me.”
Mawu ahe to na Israel
6Aƒetɔ be:
“Israeltɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo,
eye wogale wo wɔwɔ dzi.
Eya ta mahe to na wo godoo.
Wodzra nu dzɔdzɔe wɔla ɖe klosalo nu.
Nenema ke wodzra ame dahe
ɖe atokota dodo ɖeka ƒe asi nu.
7Wotea ame dahe ɖe to,
eye womexɔa hiãtɔ ƒe nya dzɔdzɔe le ʋɔnu o.
Vi kple tɔ́a ŋutɔ gɔ̃ hã dɔna
kple ɖetugbi ɖeka ma ke heƒoa ɖi nye ŋkɔ.
8Le woƒe mawusubɔƒewo la,
womlɔa avɔ si le awɔba me
le wo gbɔ la dzi,
eye wonoa agɔdzeha si woxɔna le ame
si la le mawuƒewo me.
9 #
Mos V, 3.8-11. “Evɔ wònye mia tae metsrɔ̃ Amoritɔwo ɖo.
Togbɔ be wodzɔ atsu kɔ abe sederti ene,
eye wosesẽ abe sesewu ene hã la,
metsrɔ̃ wo keŋkeŋ abe ale si
wohoa ati kple ke ene.
10Gawu la, mekplɔ mi dzoe le Egipte-nyigba dzi,
eye mena miezɔ gbedadaƒo ƒe bla ene sɔŋ
va xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba wòzu mia tɔ.
11 #
Mos IV, 6.1-8. Metia mia viŋutsu aɖewo
be woanye gbeƒãɖelawo,
eye megatia miaƒe ɖekakpui aɖewo hã
be woanye Mawu ƒe kluwo.
Israelviwo, esia mele eme oa?”
Aƒetɔ lae gblɔe.
12“Ke miezi nye kluwo dzi be woano aha,
eye miede se na nye gbeƒãɖelawo hã
be womegaɖe gbeƒã nye gbedeasi o.
13Kpɔ ɖa, mate mi ɖe anyi abe ale si wotea bligba
ɖe keke dzi ene.
14Afɔtsɔtsɔetɔ aŋlɔ sisí be,
ŋusẽtɔ mate ŋu awɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ o,
eye kalẽtɔ maɖe eƒe agbe o.
15Nenema ke aŋutrɔdala manɔ te o,
du sesẽ ƒula masí o,
eye sɔdola maɖe eƒe agbe o.
16Gbe ma gbe la, ame si nye dzideƒotɔ
le kalẽawo dome gɔ̃ hã
así adzo amamae.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Currently Selected:
Amos 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.