Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 16:25-26
Amedɔdɔawo ƒe Dɔwɔwɔwo 16:25-26 EB14
Ke le zã titina lɔƒo la, Paulo kple Sila nɔ gbe dom ɖa henɔ kafukafuhawo dzim na Mawu, eye gaxɔmenɔlaawo nɔ to ɖom wo. Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, ale be gaxɔa ƒe gɔmeɖokpewo gli le wo nɔewo dzi. Ʋɔawo katã ʋu enumake eye gamenɔla ɖe sia ɖe ƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eŋu.





