Tesalonikatɔwo II 3
3
Mido gbe ɖa ɖe mía ta
1Mlɔeake la, nɔvinyewo, mido gbe ɖa ɖe mía ta, be Aƒetɔ la ƒe nya la nakeke ta ahaɖu dzi, abe ale si wòle le mia dome la ene. 2Mido gbe ɖa, be míagadze ŋutasẽlawo kple ame vɔ̃ɖiwo si me o, elabe menye ame sia amee xɔ se o. 3Ke Aƒetɔ la la, nuteƒewɔla wònye. Ana miali ke sesĩe, eye wòadzɔ mia ŋu be miagawɔ nuvɔ̃#3.3: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo be: “wòadzɔ mia ŋu tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” o. 4Aƒetɔ la ta la, míeka ɖe edzi be miele nu siwo katã míeɖo na mi la dzi wɔm, eye ana miagayi edzi, awɔe nenema ke. 5Aƒetɔ la ŋutɔ nekplɔ miaƒe dziwo, be mialɔ̃ Mawu, ahanɔ te sesĩe le miaƒe ɖekawɔwɔ kple Kristo me.
Dɔwɔwɔ le vevie
6Nɔviwo, míele se dem na mi le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me, be mite ɖa tso nɔvi ɖe sia ɖe si wɔa kuvia, eye meléa ɖoɖo siwo míena mi la me ɖe asi o, la gbɔ. 7Miawo ŋutɔ mienya ale si wòhiã, be miakpɔ míaƒe nuwɔna awɔ. Esi míenɔ mia dome la, míewɔ kuvia kura o. 8Míeɖu nu le ame aɖeke gbɔ femaxee o, ke boŋ míedze agbagba, ku kutri zã kple keli, wɔ dɔ ɖu, be míaganye agba na ame aɖeke o. 9Menye esi ŋusẽ mele mía si, be míana miakpɔ mía dzi tae o, ke boŋ ɖe míewɔe be miawo hã miakpɔ awɔ. 10Elabe esi míenɔ mia dome gɔ̃ hã la, míede se na mi be: “Ne ame aɖe melɔ̃ be yeawɔ dɔ o la, megaɖu nu hã o.” 11Míele esia gblɔm, elabe míele sesem be kuviatɔ aɖewo le mia dome. Womewɔa dɔ aɖeke o, ke boŋ ame bubuwo ƒe nya me ko wonɔa nu demee. 12Míegbe nya na ame siawo, le Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me, eye míele nu xlɔ̃m wo be woawɔ dɔ kpoo, atsɔ kpɔ wo ɖokui dzii. 13Azɔ nɔviwo, miawo la, ɖeɖi megate mia ŋu le nu nyui wɔwɔ me o.
14Ne ame aɖe medi be yeawɔ ɖe nu si gblɔm míele le agbalẽ sia me dzi o la, mide dzesii, eye migade ha kplii o, ne ŋu nakpee. 15Migatsɔe abe futɔ ene ya o, migbe nya nɛ nɔvitɔe boŋ.
Nuwunyawo
16Azɔ la, Aƒetɔ, si naa ŋutifafa la ŋutɔ nena ŋutifafa mi ɣeawo katã ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nenɔ kpli mi katã.
17Nye Paulo ŋutɔe tsɔ nye asi ŋlɔ gbedoname siae. Aleae medea asi nye agbalẽ ɖe sia ɖe si meŋlɔna la tee. Nye ŋutɔ nye nuŋɔŋlɔe nye esia. 18Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mi katã mia nu.
Currently Selected:
Tesalonikatɔwo II 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.