Tesalonikatɔwo II 1
1
1 #
Dɔw 17.1. Nye Paulo kple Silvano kpakple Timoteo woe le gbe dom na mi hametɔ siwo le Tesalonika, hele ha dem kple Mawu mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo la.
2Mawu Tɔ́ la kple Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu eye woana ŋutifafa mi.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ le Kristo ƒe vavaɣi
3Nɔviwo, ele na mí be míada akpe na Mawu ɣe sia ɣi le mia ta. Esia dze, elabe miaƒe xɔse le tsitsim ɖe edzi ŋusẽtɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã le to dem ŋutɔ. 4Míetsɔa mi ƒoa adegbee na Mawu ƒe hameawo elabe, togbɔ be wole mia yome tim, eye miele fu geɖe kpem hã la, miaƒe xɔse la gale te sesĩe ko.
5Nu siawo katã nye dzesi be Mawu ƒe ʋɔnu si wòdrɔ̃ la me kɔ, eya ta wobu mi be miedze anɔ eƒe fiaɖuƒe, si ta miele fu kpem ɖo la me. 6Edzɔ le Mawu ŋkume be yeahe fukpekpe ava ame siwo le fu fiam mi la dzi, 7ke yeana mi, ame siwo wote ɖe anyi kple míawo hã, míagbɔ ɖe eme. Mawu le esia wɔ ge, ne mía Aƒetɔ Yesu do tso dziƒo kple eƒe mawudɔlawo le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me la. Dzo ƒe aɖewo me nɔ ge wòala, 8eye wòahe to na ame siwo medze si Mawu o kple ame siwo mewɔ ɖe mía Aƒetɔ Yesu ƒe Nyanyui la dzi o la. 9-10#Yes 2.10. Ne Aƒetɔ la va do, gbe ma gbe, be woadoe ɖe dzi le eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la dome, eye ame siwo xɔ Mawu dzi se, to míaƒe ɖaseɖiɖi na mi me la nade ta agu nɛ la, woahe to na ame mavɔ̃mawu siawo, atsrɔ̃ wo tegbetegbee, eye woaɖe wo ɖa le Aƒetɔ la ŋkume, afi si eƒe ŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la le la. 11Esia tae míele gbe dom ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi ɖo. Míebiaa mía Mawu, be wòana be miaƒe agbenɔnɔ nasɔ kple agbe si ƒomevi woyɔ mi be miava anɔ la. Hekpe ɖe esia ŋu la, Mawu nena miaƒe didi, be yewoawɔ nu nyui la nava eme. Eƒe ŋusẽ nana dɔ si miaƒe xɔse na miele wɔwɔm la nadze edzi nyuie. 12Mía Mawu kple Aƒetɔ Yesu neve mia nu, ale be miado mía Aƒetɔ Yesu ŋkɔ ɖe dzi, ne eya hã nado mi ɖe dzi.
Currently Selected:
Tesalonikatɔwo II 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.