Skip to content

Samuel II 23

23
David ƒe nya mamlɛawo
1David, Yesei vi la nye ame si Yakob ƒe Mawu la si ami na be wòanye fia, eye wòdoe ɖe dzi wòva zu amegã. Enye hɛnɔ si kpa kafukafuhawo le Israel. David ƒe nya mamlɛawoe nye esi:
2Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye,
eye eƒe gbedeasia le nunye.
3Israel ƒe Mawu la ƒo nu;
Israel ƒe xɔnametɔ la gblɔ nam be:
“Dziɖula, nu dzɔdzɔe wɔla
si vɔ̃a Mawu la,
4le abe ale si ŋu kena ene.
Egale abe ɣe ƒe keklẽ le ŋdi me,
ne alilikpo aɖeke mele ya me o ene.
Esɔ kple ɣe ƒe dzoxɔxɔ
si nana be gbe miena tso anyigba me
ne tsi dza vɔ.”
5Alea Mawu ayra nye dzidzimeviwoe,
elabe ebla nu mavɔ kplim.
Enye ɖoɖo si wòwɔ ɖo kpe edzi,
eye matrɔ o.
Nu si ko dim mele lae nye
maɖu dzi.
6Ke yakamewo katã le abe ŋu
si wotsɔna ƒua gbe ene.
Ame aɖeke maka asi wo ŋu o.
7Evɔ ne ame aɖe di
be yeaka asi wo ŋu la,
ele be wòatsɔ gakpo kple akplɔti
ɖe asi.
Eya ko hafi wòatɔ dzo wo
le wo teƒe.#23.6-7: Kpukpui eve siawo me mekɔ le Hebri-gbe me o.
David ƒe aʋawɔla vevitɔwo
(Kron I, 11.10-41)
8David ƒe aʋawɔla vevitɔwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gbãtɔe nye Isbaal, Xaxmoni vi. Eya nye kalẽtɔ etɔ̃awo ƒe tatɔ.#23.8: ETƆ̃: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe be “Etɔ̃”. Le Hebri-gbe me la, wobe “Etɔ̃lia” ƒe tatɔ. Etsɔ akplɔ#23.8: ETSƆ AKPLƆ AƲAE si wòanye (kpɔ Kron I, 11.11) lae nye “etsɔ eƒe akplɔ wɔ aʋae.” Nya sia me mekɔ le Hebri-gbe me o. wɔ aʋa kple ame alafa enyi eye wòwu wo katã le aʋawɔwɔ zi ɖeka me.
9Eleazar, Dodo vi tso Axoxi ƒomea me nye ame evelia le kalẽtɔ etɔ̃awo dome. Gbe ɖeka la, Filistitɔwo ƒo ƒu, ho va aʋa wɔ ge kple Israelviwo. David kple Eleazar tso ɖe wo ŋu, ke Israelviwo sí le ameawo nu eye Eleazar ɖeka ko tsi David gbɔ. 10Enɔ te wɔ avu kple Filistitɔwo eye wowu wo ʋuu va se ɖe esime eƒe asi ku le yi la ŋu eye wòtsi asi me nɛ. Aƒetɔ na woɖu dzi gã ŋutɔ gbe ma gbe. Emegbe Israelviwo gbugbɔ yi Eleazar gbɔ be yewoaɖaha ame tsiaʋaawo ƒe nuwo le wo ŋu.
11Ame etɔ̃lia le kalẽtɔ etɔ̃awo dome ŋkɔe nye Sama, Age vi tso Harar. Filistitɔwo yi ɖaƒo ƒu ɖe Lexi ɖe ayigble gã aɖe me. Tete Israelviwo sí le wo nu, 12ke Sama ya nɔ te ɖe wo nu, tsi tsitre ɖe ayigblea titina, ʋli agblea ta eye wòwu Filistitɔawo. Aƒetɔ na woɖu dzi gã aɖe.
13Le nuŋeŋɔli ƒe gɔmedzeɣi lɔƒo la,#23.13: LE NUŊEƔI…LƆƑO: Gɔmeɖeɖe si wòanye lae nye “Le nuŋeɣi ƒe gɔmedzedze lɔƒo”. Nya sia me mekɔ le Hebri-gbe me o. ame etɔ̃ tso “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome yi ɖe David gbɔ le Adulam Agado la me. Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo ƒe adzohawo ƒu asaɖa anyi ɖe Refaim-bali la me. 14David nɔ mɔ́ sesẽ me le to dzi, eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ le Betlehem-dua me ɣe ma ɣi. 15Aƒenuwo dzro David eye wògblɔ be: “Manɔ anyi ko ame aɖe naku tsi tso vudo me le agbo nu le Betlehem vɛ nam mano!” 16Tete kalẽtɔ etɔ̃awo yi ɖage ɖe Filistitɔwo ƒe asaɖa me, eye woku tsia le vudoa me tsɔ vɛ na David. Ke egbe be yemanoe o, eye wòkɔe ɖe anyi na Aƒetɔ, 17hegblɔ be: “Aƒetɔ, ne mano tsi sia fĩi! Ɖe mano ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke, yi ɖaku tsia vɛ la ƒe ʋua?” Ale wògbe enono. Kalẽtɔ etɔ̃awoe wɔ esia.
18Abisai, Zeruya vi, ame si nye Yoab nɔvi la nye “Kalẽtɔ Blaatɔ̃awo” ƒe tatɔ. Etsɔ eƒe akplɔ wɔ aʋa kple ame alafa etɔ̃ hewu wo keŋ, eye wòxɔ ŋkɔ le “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome. 19Eyae xɔ ŋkɔ wu le “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo”#23.19: BLAETƆ̃: Gɔmeɖeɖe si wòanye lae nye “Blaetɔ̃”. Woŋlɔ ɖe Hebri-gbe me be “Etɔ̃”. dome, eye wònye woƒe tatɔ, gake mexɔ ŋkɔ de “Kalẽtɔ Etɔ̃awo” nu o.
20Benaya, Yehoyada vi tso Kabzeel nye asrafo kalẽtɔ bubu si wɔ kalẽnu geɖe. Ewu kalẽtɔ eve tso Moab. Eyi ɖawu dzata le do me le gbe si gbe tsikpe dza. 21Eya kee wu Egipte-ŋutsu kako aɖe si si akplɔ le la hã. Eyi Egiptetɔ la gbɔ kple atizɔti, xɔ akplɔ la le esi tsɔ wui. 22Kalẽnu siawoe Benaya wɔ eye wòxɔ ŋkɔ le “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome. 23Togbɔ be exɔ ŋkɔ le “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome hã, eƒe kalẽwɔwɔ mede “Kalẽtɔ Etɔ̃awo” tɔ nu o. David tsɔe ɖo eƒe asrafo siwo dzɔa eŋu la nu. 24Asahel, Yoab nɔviŋutsu, le “Kalẽtɔ Blaetɔ̃awo” dome, Elxanan, Dodo vi tso Betlehem; 25Sama kple Elika tso Xarod; 26Xelez, Paletitɔ kple Ira, Ikes viŋutsu tso Tekoa; 27Abiezer tso Anatot kple Mebunai, Xusatitɔ; 28Zalmon, Axoxitɔ kple Maharai tso Netofa; 29Xeleb, Baana viŋutsu tso Netofa kple Itai, Ribai viŋutsu tso Gibea le Benyamin; 30Benaya tso Piraton kple Hiddai tso tɔʋu si le Gaas gbɔ; 31Abi-Albon, Arbatitɔ kple Azmavet tso Barxum; 32Eliaxba tso Saalbon, Yasen viŋutsuwo, Yonatan; 33Sama, Hararitɔ, Axiam, Sarar viŋutsu, Hararitɔ; 34Elifelet, Ahasbai viŋutsu tso Maaxa, Eliam, Axitofel viŋutsu tso Gilo; 35Xezro tso Karmel, Paerai, Arbitɔ; 36Yigal, Natan viŋutsu tso Zoba, Bani Gaditɔ; 37Zelek, Amontɔ, Naxarai tso Beerot, ame si nye Zeruya viŋutsu Yoab ƒe adekplɔvi; 38Ira, Yitritɔ kple Gareb, Yitritɔ; 39Uriya, Xititɔ. Wo katã wole kalẽtɔ bla etɔ̃ vɔ adrẽ.