Samuel II 22
22
David ƒe dziɖuha
(Ps 18)
1Esi Aƒetɔ ɖe David tso Saul kple eƒe futɔ bubuwo si me la, edzi ha sia na Aƒetɔ. 2Ebe:
Aƒetɔ le abe agakpe
kple mɔ́ ene nam.
Enye Ɖenyela.
3Mawue nye nye beɖoƒe.
Eyama mee mebè ɖo.
Ele nam abe akpoxɔnu ene,
eye wòxɔna nam abe lãdzo ene.
Mawue nye nye mɔ́ sesẽ,
kple beɖoƒe.
Nye xɔnametɔ si ɖeam
tso ŋutasesẽ me.
4Meyɔ Aƒetɔ, ame si dze kafukafu
eye wòɖem tso nye futɔwo si me.
5Elabe ku ƒe tsitsotsoewo ƒo xlãm,
eye tsisisi sesẽ gblẽnuwo do ŋɔdzi nam.
6Ka siwo le tsiẽƒe ƒo xlãm,
eye ku tre mɔ̀ ɖi nam.
7Le nye xaxa me la,
meyɔ Aƒetɔ.
Medo ɣli yɔ nye Mawu
be nexɔ nam!
Ese nye gbe le eƒe fiasã me,
eye wòse nu si ta medo ɣli yɔe.
8Tete anyigba ʋãnya
eye wòʋuʋu.
Dziƒo ƒe gɔmeɖoɖowo dzo kpèkpekpe
eye woʋãnya,
elabe Mawu do dziku.
9Dzudzɔ do tso eƒe ŋɔti me yi dzi;
dzo do tso eƒe nu me fiã nu;
aka lé dzo le egbɔ le xɔxɔm.
10Evĩa dziƒo heɖi va anyi,
alilikpo dodo le eƒe afɔ te.
11Enɔ kerubi dzi dzo va yi,
eye wònɔ ya ƒe aʋalawo dzi.
12Ena viviti ƒo xlãe
abe avɔgbadɔ me wòle ene,
eye alilikpo dodo si tsi yɔ#22.12: YƆ: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo (kpɔ Ps 18.11) be “yɔ”. Nya sia me mekɔ le Hebri-gbe me o. fũu la ɖe to ɖee.
13Dzoka xɔxɔwo do
tso kekeli si le eŋgɔ la me.
14Aƒetɔ ɖe gbe tso dziƒo,
eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe gbe ɖi.
15Eda aŋutrɔ kaka wo hlẽ,
eye wòna dzikedzo tɔtɔ wo.
16Tete atsiaƒu gɔme dze,
anyigba ƒe gɔmeɖoɖowo tsi go,
esi Aƒetɔ nyra ɖe eƒe futɔwo
eye eƒe ŋɔti me gbɔgbɔ blu la.
17Edo asi ɖa tso dzi
eye wòlém, hem tso tɔ geɖewo me.
18Eɖem tso nye futɔ sesẽ la
kple ame siwo lé fum la si me
elabe wosesẽ wum.
19Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ
ɖe dzinye la,
wodze dzinye;
ke Aƒetɔ xɔ nam.
20Ekplɔm va gbadza dzi
eye wòɖem,
elabe nye nuwɔna nyo eŋu.
21Aƒetɔ ɖo nu dzɔdzɔe
si mewɔ la teƒe nam.
Eyram elabe nyemewɔ vɔ̃ aɖeke o.
22Elabe mewɔ Aƒetɔ ƒe sewo dzi,
eye nyemewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke
ɖe nye Mawu ŋu o.
23Mewɔ eƒe seawo katã dzi,
eye nyemegbe eƒe ɖoɖo aɖeke
dzi wɔwɔ o.
24Enya be mele dzadzɛ
elabe melé ɖokuinye nyuie
be nyemagada vo o.
25Eya ta Aƒetɔ ɖo nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ
teƒe nam,
elabe enya be mele dzadzɛ.
26Aƒetɔ, èwɔa nuteƒe
na ame siwo wɔa nuteƒe na wò,
eye mèkaa mo
na ame si ŋu mokaka mele o la o.
27Èdzana le ame dzadzɛ gbɔ,
ke ètua nu kple nu vlo wɔla.
28Èxɔna na ɖokuibɔbɔlawo,
ke ebɔbɔa dàdalawo ɖe anyi.
29Aƒetɔ, wòe nye nye kekeli.
Wò, nye Mawue nyà nye viviti ɖa.
30Wòe naa ŋusẽm metea ŋu
wɔa avu kple nye futɔwo,
eye wò, nye Mawue naa ŋusẽm
metsɔna ɖua mɔxenuwo dzi.
31Mawu sia!
Eƒe nuwɔnawo de blibo.
Aƒetɔ wɔa eƒe ŋugbedodo dzi.
Enye akpoxɔnu na ame siwo
katã sinɛ tsona.
32Evɔ ɖe, ame ka hãe ganye Mawu?
Ɖe menye Aƒetɔ koe oa?
Ame ka hãe ganye xɔnametɔ?
Ɖe menye mía Mawu la ɖeɖe koe oa?
33Mawu sia nye mɔ́ sesẽ nam,
eye wòna nye mɔ dzi fa.
34 #
Xab 3.19. Ena ŋusẽ le nye afɔ ŋu
abe zinɔ tɔ ene,
eye wòna mele towo dzi bɔkɔɔ.
35Efia aʋawɔwɔm nyuie,
ale be mate ŋu ahe dati
si wowɔ kple akɔbli la me gɔ̃.
36O Aƒetɔ, wòe kpɔa tanye xɔna nam;
èkpe ɖe ŋunye mezu ame vevi.
37Wòe na mele te sesĩe,
eye nyemedze anyi kpɔ o.
38Meɖe nye futɔwo ɖe nu
ɖaɖu wo dzi.
Nyemetrɔ le wo yome o,
va se ɖe esime metsrɔ̃ wo vɔ.
39Meƒo wo xlã ɖe anyi,
to wo nyànyanya
ale be womegafɔ o.
Wodze anyi ɖe ŋkunye me.
40Ètsɔ ŋusẽ bla akpa nam
be mawɔ aʋae,
eye nèna meɖu nye futɔwo dzi.
41Èna nye futɔwo sí le nunye,
eye metsrɔ̃ ame siwo lé fum la keŋ.
42Wodi xɔnametɔ;
ke ɖeke meli axɔ na wo o.
Wodo ɣli yɔ Aƒetɔ,
ke metɔ na wo o.
43Metu wo, wozu abe ʋuʋudedi ene.
Metu afɔ wo dzi,
henyama wo abe ba le ablɔwo dzi ene.
44Èɖem tso nye dukɔ
si le dzrewɔwɔ dzi la si me.
Elém ɖe asi
hetsɔm ɖo tatɔe na dukɔwo,
eye dukɔ si nyemenya o la subɔm.
45Dukɔ bubu me tɔwo va de ta agu nam.
Ne wonyase nye gbe ko la,
woɖoa tom.
46Vɔvɔ̃ ɖo amedzro siawo,
eye wole dzodzom nyànyanya
do tso woƒe mɔwo me va.
47Aƒetɔ le agbe!
Woakafu nye xɔnametɔ la!
Woado nye Mawu la ɖe dzi!
Eyae xɔna nam abe agakpe ene.
48Mawu bia hlɔ̃ nam,
eye wòtsɔ dukɔwo de tenye.
49Ekplɔm to nye futɔwo dome do,
eye wòna meɖu wo dzi.
Eɖem tso ŋutasẽlawo si me.
50 #
Rom 15.9. O Aƒetɔ, eya ta mele kafuwòm
le dukɔwo dome.
Mele ha dzim le kafuwòm.
51Mawu na eƒe fia la kpɔ dziɖuɖu.
Eɖe eƒe lɔlɔ̃ mavɔ la fia
eƒe amesiamina David
kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
Currently Selected:
Samuel II 22: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.