Samuel II 19
19
Yoab ka mo na David
1Amewo va gblɔ na Yoab be: “Kpɔ ɖa, fia le avi fam le konyi fam na Absalom.” 2Ale dzidzɔ si wòle be dukɔ bliboa nakpɔ gbe ma gbe, be yewoɖu dzi la trɔ zu konyifafa elabe fia le konyi fam le via Absalom ƒe ku ŋuti. 3Aʋakɔ la trɔ zɔ dzadzadza gbugbɔ yi ɖe dua me abe asrafo siwo le sísim kple ŋukpe le woƒe futɔwo nu ene. 4Fia la tsyɔ nu ŋkume eye wòdo ɣli sesĩe be: “Ao, vinye Absalom! Ao, Absalom! Vinye, vinye!” 5Yoab yi ɖe fia la ƒe aƒeme eye wògblɔ nɛ be: “Èdo ŋukpe wò dɔlawo katã egbe. Èdo ŋukpe woawo, ame siwo xɔ nye kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ɖe agbe. 6Èlɔ̃ ame siwo lé fu wò eye nèlé fu ame siwo lɔ̃ wò. Elabe èna eme kɔ na mí ƒãa egbe, be amegã kple dɔla menye naneke le gbɔwò o. Mekpɔe dze sii kɔtɛe egbe be, ne ɖe Absalom tsi agbe eye mí katã míeku egbe la, ne edze ŋuwò. 7Eya ta, azɔ la, tsi tsitre nàdo yi ɖafa dzi na wò dɔlaawo. Metà Aƒetɔ be, ne mèwɔ esia o la, wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã manɔ gbɔwò le zã sia me o. Esia avɔ̃ɖi na wò wu nuvɔ̃ɖi siwo katã dzɔ ɖe dziwò tso wò ɖekakpuime va se ɖe fifi.” 8Tete fia la tsi tsitre yi ɖanɔ anyi ɖe agboa nu. Eƒe amewo se be ele afi ma, eye wo katã yi egbɔ.
David trɔ yina Yerusalem
Le ɣeyiɣi sia me la, Israelviwo katã sí dzo eye ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒeme. 9Dzre le Israel-toawo katã me, eye wole gbɔgblɔm le wo nɔewo dome be: “Fiae ɖe mí tso míaƒe futɔwo si me, eye wòxɔ mí tso Filistitɔwo si, gake azɔ la, esí le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi. 10Míesi ami na Absalom heɖoe fia ɖe mía nu, ke etsi aʋa. Ale ke wɔ míana woayi aɖakplɔ fia la agbɔe o?”
11Israelviwo ƒe nya la de fia la gbɔ le enɔƒe. Ale wòdɔ Zadok kple Abyatar siwo nye nunɔlawo la ɖa be woayi aɖabia Yuda-me tsitsiwo be: “Nu ka ta miedi be yewoanye ame mamlɛtɔ siwo wòava kplɔ yi eƒemee? 12Nɔvinyewo mienye; ʋu ɖeka mee míetso. Nu ka ta miebe yewoanye ame mamlɛtɔ siwo ava kplɔm adzoe?” 13David gblɔ yi edzi be woagblɔ na Amasa be: “Ʋu ɖeka mee míetso. Tso fifia heyina la, mele dawòm ɖe Yoab teƒe abe aʋakplɔla ene. Mawu nehe to nam vevie wu ale si dze gɔ̃ hã, ne meda nye nya sia dzi.” 14David ƒe nya sia trɔ Yuda-ŋutsuwo katã ƒe susu keŋ, eye wodɔ ame ɖee be eya kple eŋumewo katã netrɔ gbɔ.
15Esi fia la le mɔ dzi yina la, Yuda-ŋutsuwo tso Gilgal va do goe le Yordan-tɔsisi nu be yewoakpee atso tsi lae.
16 #
Sam II, 16.5-13. Le ɣe ma ɣi me la, Benyamintɔ Simei, Gera vi, tso Baxurim wɔ kaba zɔ kple Yuda ŋutsuawo be yeaɖakpe fia David. 17Ŋutsu akpe ɖeka tso Benyamin-to la me nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒomea ƒe dɔla hã va kple via wui atɔ̃awo kple dɔla bla eve. Wotre Yordan nu ɖoɖo na fia la. 18Emegbe wotso tɔsisi la yi be yewoakplɔ fiaƒemetɔwo atso tɔ lae, eye yewoawɔ nu sia nu si fia la di be woawɔ la.
David nyo dɔme na Simei
Esime fia la wɔ vɔ be yeatso tɔa la, Simei va de ta agu le fia la ŋkume 19hegblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ, mègabu vo si meda ɖe ŋuwò la nam o. Mègaɖo ŋku vo si meda ɖe ŋuwò esime nèle dzodzom le Yerusalem gbe ma gbe la dzi o. Tsɔe kem; ŋlɔe be. 20Nye aƒetɔ, nye ŋutɔ menya be mewɔ nuvɔ̃, eya ta menye ame gbãtɔ tso Yosef ƒome la me va be makpe wò nye aƒetɔ fia egbe.” 21Tete Abisai, Zeruya vi la gblɔ be: “Simei dze na ku, elabe eyae ƒo fi de Aƒetɔ ƒe ame si wosi ami na be wòanye fia.” 22Ke David gblɔ be: “Mi Zeruya viwo, nya ka me míele? Nu ka ta miele teyem kpɔ egbe? Azɔ ɖe, egbee wòle be woawu ame le Israel-dukɔ mea? Menya be wotsɔm ɖo fiae ɖe Israel nu fifia ɖe.” 23Tete wògblɔ na Simei be: “Meka atam, ne mewu wò fĩi!”
David nyo dɔme na Mefiboset
24 #
Sam II, 9.1-13; 16.1-4. Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi, va kpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo le Yerusalem ʋuu va se ɖe gbe ma gbe wògbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ afɔ, lũ ge alo nya eƒe awuwo kpɔ o. 25Esi wòva Yerusalem be yeakpe fia la la, fia la biae be: “Nu ka ta mèyi kplim o?”
26Eɖo eŋu be: “Nye Fia Bubutɔ, abe ale si nènya ene la, bunɔe menye. Megblɔ na nye dɔla be wòabla akpa na nye tedzi la ale be madoe ayi kpli wò, ke ɖeko wòblem. 27Eva ka aʋatso ɖe asinye na wò, nye Fia Bubutɔ, ke èle abe Mawu ƒe dɔla ene, eya ta wɔ nu si nèkpɔ be enyo la. 28Nye Fia Bubutɔ, megblɔ esia elabe ɖe wòdze be nàwu tɔ́nye ƒemetɔwo katã hafi, ke èna nɔƒem ɖe wò kplɔ̃ ŋu nɔlawo dome be maɖu nu kpli wo. Ɖe megakpɔ mɔ aganɔ nane biam wò kple ɣli fifia, Fia Bubutɔ?” 29Fia la ɖo eŋu be: “Mehiã be nàgagblɔ nya ɖeke ayi edzi o. Meɖoe be wò kple Ziba miama Saul ƒe agble la.” 30Mefiboset gblɔ na fia la be: “Na Ziba naxɔ agblea katã faa. Wò tɔtrɔ gbɔ va ɖo aƒe dedie ɖeɖe hã na nye dzi dze me.”
David nyo dɔme na Barzilai
31 #
Sam II, 17.27-29. Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Roglim va be yeakplɔ fia la atso Yordan-tɔsisi lae. 32Barzilai nye amegãɖeɖi si xɔ ƒe bla enyi. Alɔ me nɔ esi ŋutɔ eye wòkpɔ fia la dzi, nyii esime wònɔ Maxanaim. 33Fia la gblɔ nɛ be: “Va míyi Yerusalem nàɖanɔ gbɔnye ne makpɔ dziwò.”
34Ke Barzilai ɖo eŋu be: “Nye kuɣi ɖo vɔ. Nu ka ta mayi Yerusalem kple nye Fia Bubutɔ? 35Mexɔ ƒe bla enyi xoxo eye naneke megadoa dzidzɔ nam o. Nuɖuɖu alo nunono aɖeke megavivina nam o. Nenema ke nyemegatea ŋu ɖoa to sea hadzilawo ƒe hadzidzi o. Fia Bubutɔ, agba ko manye na wò nàtsɔ. 36Nye ya ɖeko medi be makplɔ wò atso tɔsisi la ayi vie ko atrɔ. Nu ka ta nèbe yeaɖo eteƒe nam nenema gbegbe? 37Meɖe kuku, magbugbɔ ayi aƒe be maku ɖe tɔ́nye kple nɔnye ɖiƒe. Kpɔ ɖa, vinye Kimham nye esi. Fia Bubutɔ, kplɔ eya yii be woaɖasubɔ wò abe ale si nèdi ene.”
38Fia la ɖo eŋu be: “Makplɔ Kimham ayii eye mawɔ nu sia nu si nèdi be mawɔ nɛ la nɛ. Gawu la, nu sia nu si wò ŋutɔ nèdi be mawɔ na ye la, mawɔe na wò.” 39David ƒe aʋakɔ la tso tɔsisi la gbã, emegbe eya ŋutɔ hã tsoe kplɔ wo ɖo. Egbugbɔ nu na Barzilai, yrae eye wògbugbɔ yi aƒe.
Yuda kple Israel ʋli nya le fia la ŋuti
40Esi fia la tso tɔsisia la, Yuda-ŋutsuwo katã kple Israel-ŋutsuwo ƒe afã kplɔe va Gilgal. Kimham hã yi kplii. 41Tete Israel-ŋutsuwo katã va fia la gbɔ, gblɔ nɛ be: “Fia Bubutɔ, nu ka ta mía nɔvi Yuda-ŋutsuwo fi wò dzoe eye wokplɔ wò, wò aƒemetɔwo kple ŋuwòmewo tso Yordan-tɔsisi lae?” 42Yuda-ŋutsuwo ɖo eŋu be: “Míewɔ alea elabe fia la nye míaƒe ƒometɔ ɖeka. Evɔ ɖe, nu ka ta nya sia naku dzi na mi? Ɖe fia la di nane na mí míeɖua? Ɖe wòna nane mía?” 43Israel-ŋutsuwo ɖo eŋu be: “Gome ewo le mía si le fia la me eye míekpɔ gome le David me hã wu mi. Nu ka ta miedo vlo mí? Evɔ ɖe, ɖe menye míawoe gblɔ gbã be míele yiyi ge aɖakplɔ fia la agbɔe oa?” Ke Yuda-ŋutsuawo ƒe nu sẽ wu Israel-ŋutsuawo tɔ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.