Samuel II 13
13
Amnon kple Tamar
1Nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe nɔ David vi Absalom si, si ŋkɔe nye Tamar. Edze tugbe, nyakpɔ ŋutɔ eye eƒe nu lé dzi na David viŋutsu bubu si woyɔna be Amnon la ŋutɔ. 2Tamar ƒe nu lé dzi nɛ ale gbegbe be lɔlɔ̃ na nyɔnuvia va zu dɔ dze edzi. Menya ale si wòawɔ eƒe asi nasu edzi ne wòawɔ naneke kplii o. 3Ke xɔlɔ̃ aɖe le Amnon si, si nya aye ŋutɔ. Eŋkɔe nye Yonadab eye wònye David nɔviŋutsu Simea vi. 4Yonadab bia Amnon be: “Nu ka ta wò fiavi nèle ku ɖim gbe sia gbe ale? Màgblɔe nam oa?” Amnon ɖo eŋu nɛ be: “Tamar, Absalom nɔvinyɔnu ƒe nue lé dzi nam.”
5Yonadab gblɔ nɛ be: “Wɔ abe dɔ lém nèle ene eye nàyi ɖamlɔ wò aba dzi. Ne tɔ́wò va be yeakpɔ wò ɖa la, gblɔ nɛ be: ‘Na nɔvinye Tamar nava na nuɖuɖum. Medi be wòava ɖa nua le gbɔnye ne makpɔ, eye eya ŋutɔ natsɔe nam maɖu.’ ” 6Ale Amnon wɔ abe dɔ lém wòle ene eye wòyi ɖamlɔ anyi. Esi fia va be yeakpɔe ɖa la, egblɔ nɛ be: “Na nɔvinye Tamar nava tɔ tatali eve nam le gbɔnye, ne maɖu.”
7Ale David ɖo ame ɖe Tamar le fiasã la me be woagblɔ nɛ be: “Yi nɔviwò Amnon ƒeme nàɖaɖa nu nɛ!” 8Tamar yi nɔvia Amnon ƒeme eye wòkpɔe wòmlɔ anyi ɖi. Eka amɔwɔ, blui, mlii hetɔ tatalia le egbɔ. 9Eɖee le amia me tsɔ nɛ, ke egbe be yemaɖui o. Amnon gblɔ nɛ be: “Na ame sia ame nado” eye ameawo katã do. 10Azɔ egblɔ na Tamar be: “Tsɔ nuɖuɖua va xɔgãme nàlé ɖe asi maɖu!” Etsɔ nuɖuɖua yi nɛ le afi ma. 11Esi wòtsɔ nuɖuɖua nɛ be neɖu la, elée gblɔ nɛ be: “Va mlɔ gbɔnye, nɔvinye!” 12Ke Tamar ɖo eŋu be: “Oo, nɔvinye! Mègazi dzinye o! Womewɔa nu sia tɔgbe le Israel o. Ŋukpenanue, mègawɔe o. 13Ke nye ɖe, afi ka mada mo ɖo anɔ yiyim? Ke wò ya azu movitɔ ŋukpenanuwɔlawo dometɔ ɖeka le Israel. Eya ta azɔ la, taflatsɛ yi nàƒo nu kple fia la, elabe meka ɖe edzi be aɖe asi le ŋunye na wò.” 14Ke melɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi o. Ale wòlée, zi edzi hede asi eŋu sesẽtɔe.
15Tete Amnon lé fu Tamar vevie ŋutɔ enumake. Elé fui wu ale si wòlɔ̃e tsã gɔ̃. Egblɔ nɛ be: “Tsi tre nàdzo!” 16Tamar ɖo eŋu nɛ be: “Ao, nɔvinye. Ne ènyam alea be madzo la, eya boŋ vɔ̃ɖi wu nu si nèwɔ ɖe ŋunye fifi laa.” Ke Amnon mesee nɛ o. 17Eyɔ ɖekakpui si subɔnɛ la ɖa gblɔ nɛ be: “He nyɔnu sia do goe le gbɔnye. Nyae do ɖa nàdo ʋɔa!” 18Subɔla la hee do goe eye wòdo ʋɔa. Tamar do awu ʋlaya abɔ legbe abe ale si fiavinyɔnu ɖetugbiwo donɛ tso blema ke ene. 19Eku afi kɔ ɖe tame, dze awu ʋlaya la eye wòkpla asi ta le boboe dom le yiyim.
20Esi nɔvia Absalom kpɔe la, egblɔ nɛ be: “Ɖe nɔviwò Amnon wɔ nane kpli wòa? Nɔvinye, zi ɖoɖoe; nɔviwòe wònye. Mègana nya sia naɖe fu na wò o.” Ale Tamar tsi nɔvia Absalom ƒeme eye meganɔa ame dome o.
21Esi fia David se nya si dzɔ la, edo dziku ŋutɔ. 22Absalom lé fu Amnon vevie eye megaƒoa nu nɛ gɔ̃ hã o, elabe elé nɔvia Tamar sesẽe de asi eŋu.
Absalom bia hlɔ̃
23Le ƒe eve megbe la, Absalom yi Baal Xazor si te ɖe Efrayim-du ŋu be yeako fu na yeƒe alẽwo, eye wòkpe fia viŋutsuwo katã va afi ma. 24Eyi fia David gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Fia Bubutɔ, mele fu kom na nye alẽwo. Meɖe kuku, mele wò kple wò dɔlawo kpem be miava afi ma.” 25Fia la ɖo eŋu na Absalom be: “Gbeɖe, vinye! Ne mí katã míeyi la, ava nye agba na wò akpa.” Absalom ƒoe ɖe fia nu, gake egbe yiyi; dzɔgbe nyui ko wòdi nɛ. 26Ke Absalom gblɔ nɛ be: “Ne mèdi be woayi o la, màna nɔvinye Amnon ya nayi kpli mí oa?” Fia la biae be: “Nu ka ta nèdi be eya nayi kpli wò?” 27Ke Absalom nɔ eƒom ɖe enu ʋuu va se ɖe esime fia ɖe asi le Amnon kple via ŋutsu bubuawo katã ŋu be woayi. Absalom ɖo nuɖukplɔ̃ si tɔgbe woɖona na fiawo ko la,#13.27: ABSALOM: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo gblɔ be “Absalom ɖo nuɖukplɔ̃ si tɔgbe woɖona na fiawo ko la.” Nya siawo mele Hebri-gbe me o. 28eye wògblɔ na eƒe dɔlawo be: “Minɔ ŋku lém ɖe Amnon ŋu. Ne wain sui wòle dzidzɔ kpɔm la, mele gbe ɖe ge na mi be miwui. Miwui, migavɔ̃ o. Nyee be miwui. Dzi nenɔ mia ƒo; miwɔ ŋutsu.” 29Ale dɔlaawo wɔ Absalom ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wowu Amnon. Tete fia viŋutsuawo katã de woƒe tedziwo dzi sí dzo.
30Esime wole mɔ dzi yina aƒe la, amewo va gblɔ na David be: “Absalom wu viwò ŋutsuawo katã; ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o!” 31Tete fia la tsi tsitre dze eƒe awuwo hemlɔ anyigba. Eƒe dɔla siwo katã le egbɔ la hã dze wo tɔwo. 32Ke Yonadab, David nɔvi Simea vi gblɔ be: “Fia Bubutɔ, womewu viwòawo katã o. Amnon koe ku. Absalom ɖo nugbe ɖe eŋu tso gbe si gbe wòlé nɔvia nyɔnu Tamar sesẽe hede asi eŋu. 33Eya ta Fia Bubutɔ, mègana nya si nèse la naʋuʋu wò o; Amnon ɖeɖe koe ku.”
34Ke Absalom sí. Le ɣe ma ɣi me tututu la, ɖekakpui si nye dzɔla le fia ƒe agbo nu la fɔ kɔ dzi, eye wòkpɔ be ameha gã aɖe ɖi abu gbɔna le Xoronaim#13.34: Gɔmeɖeɖe aɖe be “tso Xoronaim”, ke wogblɔ le Hebri-gbe me be “to emegbe.” mɔ dzi le toa xa. 35Tete Yonadab gblɔ na David be: “Fia Bubutɔ, viwò ŋutsuawoe nye ekem gbɔna. Nyateƒe meto na wò.” 36Esi wòɖe nu le nyaa me teti ko la, fia viŋutsuawo va do. Wo katã wowó avi kple ɣli. Fia David kple ƒe dɔlawo katã hã wó avi doo.
37 #
Sam II, 3.3. Ke Absalom sí yi Gesur-fia, Talmai, Amihud vi gbɔ. David fa via ŋutsua tso ŋkeke yi ŋkeke. 38Ale Absalom sí eye wòyi Gesur eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃. 39Mlɔeba fia la va ŋlɔ Amnon ƒe kua be, eye eƒe dzi gatrɔ ɖe Absalom ŋu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.