Bible App logo
Search Icon

Petro ƒe Agbalẽ Evelia 3

3
Wodo ŋugbe be Aƒetɔ la le vava ge
1Nye lɔlɔ̃tɔwo, esiae nye Agbalẽ Evelia si ŋlɔm mele ɖo ɖe mi fifia. Le agbalẽ eveawo me la, menyɔ miaƒe susu ɖe nu nyuitɔwo ŋu, abe ŋkuɖoɖonudzi na ame ene. 2Medi be miaɖo ŋku nya siwo Mawu ƒe gbeƒãɖela kɔkɔeawo ɖe gbeƒãe da ɖi kple Aƒetɔ kple Xɔla la ƒe sedede si miaƒe amedɔdɔawo xɔ vɛ la dzi. 3#Yuda 1.18. Gbã la, eme nekɔ na mi be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo lava. Woanɔ agbe ɖe nuvɔ̃ɖi siwo dzroa woƒe ameti blibo la nu, eye woaɖu fewu le mia ŋu. 4Woagblɔ be: “Ame si do ŋugbe be yele vava ge gɔ̃ ɖe? Elabe tso esime mía tɔwo ku va se ɖe fifi la, ɖeko nu sia nu gale edzi yim, abe ale si wole tso esime wowɔ wo le xexea me ƒe gɔmedzedzea me ene.” 5#Mos I, 1.6-9. Fewuɖula siawo ɖoe koŋ be yewomaxɔ nyateƒenya sia o. Eyae nye be Mawu ƒe nyae na dziƒowo le te va se ɖe egbe. Eya kee na anyigba do tso tsi me, heto tsi me li, 6#Mos I, 7.11. eye tsie Mawu tsɔ tsrɔ̃ xexea me nuwoe kpɔ. 7Mawu ƒe nya la kee lé dziƒo kple anyigba ɖe tè fifia hã, eye wòdzra wo ɖo be woava tɔ dzo wo. Edzra wo ɖo va se ɖe ʋɔnudrɔ̃gbe, esime woatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo.
8 # Ps 90.4. Nye lɔlɔ̃tɔwo, nyateƒenya si gblɔ ge mele fifia la nenɔ ŋku dzi na mi. Eyae nye be le Mawu gbɔ la, ŋkeke ɖeka le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye ƒe akpe ɖeka hã le abe ŋkeke ɖeka ene. 9Le ame aɖewo ƒe susu nu la, Aƒetɔ la mele ʋaʋãm ɖe ŋugbe si wòdo la dzi wɔwɔ ŋu o. Mele eme nenema o, ke boŋ ɖe wògbɔ dzi blewuu na mi, elabe medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ be amewo katã natrɔ dzime. 10#Mat 24.43; Luk 12.39; Tes I, 5.2; Nyaɖ 16.15. Aƒetɔ ƒe ŋkeke la aɖo, abe ale si fiafitɔ vanae ene. Gbe ma gbe la, dziƒowo aklo ɖa ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, eye dziƒonuwo katã alé dzo afia keŋ. Nenema ke anyigba kple nuwɔwɔ siwo katã le edzi la hã afia.
11Esi nu siawo katã le tsɔtsrɔ̃ ge alea ɖe, ame ka tɔgbe wòle be mianye? Ele be mianɔ agbe kɔkɔe, eye miavɔ̃ Mawu, 12esime miele mɔ kpɔm hetsi dzi be Mawu ƒe ŋkeke la neva kaba. Elabe gbe ma gbee dziƒowo le dzo lé ge afiã, eye nu sia nu atsrɔ̃ keŋ. Woalólo nu siwo katã le dziŋgɔli la me le dzo me. 13#Yes 65.17; 66.22; Nyaɖ 21.1. Ke míawo la, míanɔ lalam na dziƒo yeye kple anyigba yeye si ŋugbe Mawu do la. Afi siae nu dzɔdzɔe wɔwɔ xɔ aƒe ɖo.
14Eya ta nye lɔlɔ̃tɔwo, esi miele mɔ kpɔm na nu siawo la, mido vevie nu, ale be ne eɖo edzi la, womagakpɔ ɖi aɖeke le mia ŋu alo aka mo na mi le eŋkume o, ke boŋ ŋutifafa nanɔ mi kple Mawu dome. 15Ele be miabu ale si mía Aƒetɔ la gbɔ dzi blewuu la be enye mɔnukpɔkpɔ na mi be woaxɔ mi ɖe agbe. Nya sia kee mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ, Paulo hã ŋlɔ ɖo ɖe mi le nunya si Mawu nae la nu. 16Le nyateƒe me la, esia nye nya si wògblɔ le eƒe agbalẽwo katã me. Nya aɖewo gɔmesese sesẽ, le eƒe agbalẽawo me, eye ame manyanuwo kple ame malikewo trɔ wo gɔmeɖeɖe bubui, abe ale si wowɔna kple mawunya bubuawo hã ene. Esia wɔwɔ nana be wotsrɔ̃na. 17Ke nye lɔlɔ̃tɔwo, miawo ya la, mienya nu tso nu siawo ŋu xoxo. Eya ta mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, ale be aglãdzelawo ƒe vodada nagaɖe kè le mia te miadze anyi o. 18Mía Aƒetɔ kple Xɔla Yesu Kristo neve mia nu, bene miagadze si eyama ɖe edzi geɖe wu. Etɔ nanye ŋutikɔkɔe tso fifia halase mavɔ me. Amen.

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in